Pular para o conteúdo
Publicidade

Atos 16

10 Enumake míeɖoe be míayi Makedonia, elabena edze na kɔtɛe be Mawu le mía ɖom ɖe afi ma be míaɖagblɔ nyanyui la.

Lidia trɔ dzi me le Filipi

11 Míeɖo tɔdziʋu le Troa va Samotrake, eye le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Neapoli. 12 Mlɔeba la, míeva ɖo Filipi si nye Romatɔwo ƒe du aɖe si le Makedonianyigba ƒe liƒo dzi tututu. Míenɔ afi ma ŋkeke geɖewo.

13 Le Dzudzɔgbe dzi la, míeyi tɔsisi aɖe si didi tso dua gbɔ vie la to, afi si míese be ame aɖewo ƒoa ƒu ɖo doa gbe ɖa le, eye gbe ma gbe la, míegblɔ mawunya na nyɔnu siwo va teƒea. 14 Nyɔnu siawo dometɔ ɖekae nye Lidia, si nye avɔdzrala aɖe tso Tiatira. Enye mawuvɔ̃la xoxo, eye esi Paulo nu ƒom la, Mawu ʋu eƒe dzi, eye wòxɔ nya siwo katã Paulo gblɔ la dzi se. 15 Esia ta míede mawutsi ta na eya kple eƒe aƒemetɔwo katã, eye emegbe la, ekpe be míava dze yeƒe aƒe me. Lidia gblɔ na be, "Ne miexɔe se tututu be menye Aƒetɔ la dzixɔsela vavã la, ekema miva dze gbɔnye." Eƒoe ɖe mía nu ʋuu va se ɖe esime míelɔ̃ ɖadze egbɔ.

Wode Paulo kple Sila gaxɔ me

16 Gbe ɖeka la, esi míenɔ dzi yina gbedoɖaƒe le tɔa to la, míedo go dɔlanyɔnuvi aɖe si me gbɔgbɔ ̃ , eye wòtea ŋu kaa nu na amewo, eye to esia me wòwɔa ga geɖe ŋutɔ na eƒe aƒetɔ, elabena kluvi wònye. 17 Ɖetugbi sia Paulo kple mía yome ɣli dom be, "Ame siawo la, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe dɔlawo wonye, eye ɖe wova be yewoafia ale si miawɔ be miakpɔ ɖeɖe la mi."

Veja também