Wode Paulo kple Sila gaxɔ me
16 Gbe ɖeka la, esi míenɔ mɔ dzi yina gbedoɖaƒe le tɔa to la, míedo go dɔlanyɔnuvi aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ, eye wòtea ŋu kaa nu na amewo, eye to esia me wòwɔa ga geɖe ŋutɔ na eƒe aƒetɔ, elabena kluvi wònye. 17 Ɖetugbi sia nɔ Paulo kple mía yome nɔ ɣli dom be, "Ame siawo la, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe dɔlawo wonye, eye ɖe wova be yewoafia ale si miawɔ be miakpɔ ɖeɖe la mi." 18 Ɖetugbi la wɔ nu sia ŋkeke geɖe, ke gbe ɖeka la, eva glo Paulo, ale wòtrɔ ɖe ɖetugbi la ŋu heblu ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ si le eme la ta be, "Mele gbe ɖem na wò le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be nàdo go le ɖetugbi sia me fifi laa!" Gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le eme enumake.
19 Nuwɔna sia do dziku na ɖetugbi sia ƒe aƒetɔwo, elabena wobu woƒe gakpɔmɔnu. Le esia ta la, wona wolé Paulo kple Silas hekplɔ wo yi dumegãwo ƒe ŋkume le dutoƒo. 20 Wotso wo nu le ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume be, "Yudatɔ siawo va le to gblẽm na amewo le dua me 21 be woawɔ nu siwo tsi tsitre ɖe Romatɔwo ƒe sewo ŋu."
22 Kasia, ameha gã aɖe va ƒo ƒu tsi tsitre ɖe wo ŋu. Ʋɔnudrɔ̃lawo na be wodze woƒe awuwo, eye woɖe gbe be woaƒo wo kple ati. 23 Esi woƒo wo wòte wo ŋu nyuie la, wotsɔ wo de gaxɔ me, eye wogblɔ na gaxɔdzikpɔla vevie be wòakpɔ wo dzi nyuie. 24 Le esia ta la, gaxɔdzikpɔla hã mefe kpli wo kura o. Etsɔ wo de gaxɔa ƒe gogloeaƒe ke, eye wòde ga afɔ na wo sesĩe.
25 Le zã bliboa me la, Paulo kple Silas wonɔ gbe dom ɖa, nɔ ha dzim, nɔ Mawu kafum. Gaxɔmenɔla bubuawo hã nɔ woƒe hawo sem. 26 Le zã ga wuieve me lɔƒo la, anyigba ʋuʋu sesĩe, eye gaxɔ blibo la ƒe gɔmeɖokpewo ʋuʋu kpekpekpe, ʋɔtruawo katã ʋu le wo ɖokuiwo si, eye ga si wode gaxɔmenɔla ɖe sia ɖe la ɖe ɖa. 27 Esi gaxɔdzikpɔla nyɔ tso alɔ̃ me, eye wòkpɔ be ʋɔtruawo katã nɔ ʋuʋu ɖi la, vɔvɔ̃ ɖoe, elabena ebu be gamenɔlawo katã si dzo. Le esia ta la, eɖe eƒe yi le aku me be yeawu ye ɖokui. 28 Ke Paulo do ɣli gblɔ nɛ be, "Nɔvi, mègawɔ nu vevi ɖokuiwò o; mí katã míele afi sia."
29 Enumake gaxɔdzikpɔla la bia akaɖi; eƒu du yi ɖe eme, eye wòdze klo ɖe Paulo kple Silas ƒe afɔ nu le dzodzom nyanyanya. 30 Ekplɔ wo do goe hebia be, "Aƒetɔwo, nu kae le nam be mawɔ be makpɔ ɖeɖe?"
31 Woɖo eŋu nɛ be, "Xɔ Aƒetɔ Yesu dzi se, ekema wò kple wò aƒe blibo la miakpɔ xɔxɔ." 32 Wogblɔ Aƒetɔ la ƒe nya na eya kple eƒe aƒemetɔwo katã. 33 Le zã ma ke me la, gaxɔdzikpɔla klɔ woƒe abiwo na wo, eye enumake wode mawutsi ta na eya kple eƒe aƒe blibo la. 34 Ena nu wo woɖu, eye aƒea me tɔwo katã yɔ fũu kple dzidzɔ, elabena wotrɔ zu Mawu dzi xɔselawo.
35 Le ŋdi me la, ʋɔnudrɔ̃lawo ɖo kpovitɔwo ɖe gaxɔdzikpɔla la kple gbeɖeɖe sia be, "Ɖe asi le ŋutsu mawo ŋu ne woadzo." 36 Gaxɔdzikpɔla la gblɔ nya la na Paulo be, "Ʋɔnudrɔ̃lawo ɖo gbe ɖa be woaɖe asi le wò kple Sila ŋuti, eya ta miate ŋu adzo azɔ. Miyi le ŋutifafa me."
37 Ke Paulo gblɔ na kpovitɔwo be, "Woƒo mí le dutoƒo ʋɔnumadrɔmadrɔ̃e togbɔ be míenye Romatɔwo hã; wode mí gaxɔ me, ke azɔ la, woaɖe mí ado goe le adzamea? Gbeɖe! Ɖeko woawo ŋutɔ nava hafi woakplɔ mí adoe."
38 Kpovitɔ siwo wodɔ ɖo ɖe gaxɔdzikpɔla gbɔ la trɔ va gblɔ Paulo ƒe nya la na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ esi wose be Paulo kple Sila nye Romatɔwo ta. 39 Dumegãwo ɖe abla va wo gbɔ le gaxɔ la me, eye woɖe kuku na wo be woado go adzo le dua me. 40 Wodo go le gaxɔ la me. Ale Paulo kple Sila trɔ yi Lidia ƒe aƒe me, eye xɔsetɔwo va ƒo ƒu ɖe wo ŋu, eye wogagblɔ nyanyui la na wo hafi dzo le dua me.