Publicidade

Atos 2

Gbɔgbɔ Kɔkɔe kɔkɔ ɖe anyi le Pentekoste ŋkeke dzi

1 Esi Pentekoste ŋkekea ɖo la, nusrɔ̃lawo katã ƒo ƒu ɖe afi ɖeka. 2 Kasia gbe sesẽ aɖe si le abe ya sesẽ ƒe ƒoƒo ene la ɖi tso dziƒo, eye wòyɔ aƒe si me wonɔ la taŋtaŋ. 3 Enumake wokpɔ nane si ɖi dzo ƒe aɖewo la dze ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe tame, 4 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ame sia ame si le afi ma la me fũu, eye wode asi gbegbɔgblɔ bubu si womenya tsã o la gbɔgblɔ me abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na ŋutete wo ene.

5 Le ɣe ma ɣi la, Yudatɔ mawuvɔ̃la geɖewo tso dukɔ vovovo siwo le dziƒo te la va Yerusalem be yewoaɖu ŋkeke tɔxɛ sia.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-