Petro ƒe mawunyagbɔgblɔ na ameha la
14 Azɔ la, Petro kple Apostolo wuiɖekɛawo tsi tsitre, eye Petro kɔ gbe dzi ƒo nu na amehawo be, "Nɔvi, Yudatɔwo, kple Yerusalem nɔlawo siaa, mina maɖe nu sia me na mi; miɖo to nyuie miase nu si magblɔ. 15 Ame siawo memu aha abe ale si miesusui ene o. Elabena ŋdi ga asiekɛ koe ƒo. 16 Ke boŋ nu si teƒe kpɔm miele ŋdi sia la nye nu si Nyagblɔɖila Yoel gblɔ ɖi xoxoxo ƒe alafa nanewoe nye esi va yi be,
17 " ‘Le ŋkeke mamlɛawo me la, Mawu gblɔ be
makɔ nye Gbɔgbɔ ɖe amegbetɔƒomeawo katã dzi.
Esia ana be mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo agblɔ nya ɖi.
Hekpe ɖe esia ŋu la, mia viŋutsuwo akpɔ ŋutegawo,
eye ame tsitsiwo hã aku drɔ̃ewo.
18 Ɛ̃, matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe nye subɔlawo katã dzi,
ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa,
matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖi le ŋkeke mawo me,
ale be woagblɔ nya ɖi.
19 Mana nukunuwo nadzɔ le dziŋgɔli me,
eye dzesiwo adze le anyigba dzi siaa
eye wòadze abe ʋu, dzo bibi kple dzudzɔ babla kɔtɔɔ ene.
20 Ɣe ado viviti,
eye ɣleti atrɔ zu
ʋu hafi Aƒetɔ la ƒe ŋkeke gã si nye atsyɔ̃ŋkeke la naɖo.
21 Ke ame sia ame si yɔa
Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la akpɔ ɖeɖe.’ "
22 Petro yi edzi gblɔ be, "Nɔvi Israeltɔwo, miɖo to miase! Mawu wɔ nukunuwo, dzesiwo kple nu dzɔtsuwo le mia dome to Yesu Nazaretitɔ la dzi be yeatsɔ aɖo kpe edzii be Yesu nye ye Vi vavã. Nu siawo katã le nyanya me na mi pɛpɛpɛ. 23 Azɔ, abe ale si Mawu ŋutɔ wɔ ɖoɖo da ɖi xoxo ene la, eɖe mɔ na mi, mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi, klã Yesu ɖe atitsoga ŋu eye miewui. 24 Gake Mawu ŋutɔ gaɖe Yesu tso ku ƒe ŋɔdzi me, fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, elabena ku ƒe ŋusẽ mate ŋu aɖu Yesu dzi o. 25 Fia David ƒo nu tso Yesu ŋu be,
" ‘Mekpɔ Aƒetɔ la le gbɔnye ɖaa,
elabena ele nye nuɖusime,
eya ta nyemavɔ̃ o.
26 Esia ta nye dzi le dzidzɔ kpɔm,
eye nye aɖe le aseye tsom be nye ŋutilã anɔ agbe le mɔkpɔkpɔ me.
27 Elabena wò Mawu, màgblẽ nye luʋɔ ɖe tsiẽƒe alo ana wò
kɔkɔetɔ la ƒe ŋutilã nanyunyɔ o.
28 Èna menya agbemɔwo,
eye àtsɔ dzidzɔ ayɔ menye le ŋkuwò me.’ "
29 Petro yi edzi be, "Nɔviwo, mɔ li be magblɔ nya na mi kple dzideƒo le tɔgbui David la ŋuti, be eku, eye woɖii, eƒe yɔdo le mía dome va se ɖe egbe. 30 Ke enye nyagblɔɖila, eye enya be Mawu do ŋugbe matrɔmatrɔ da ɖi be David ƒe dzidzimevi ɖeka ava nɔ eƒe fiazikpui dzi aɖu fia. 31 Gawu la, David kpɔ nu siwo ava dzɔ le ŋgɔgbea, eye wògblɔe ɖi le Kristo la ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome ŋu be eƒe luʋɔ matsi tsiẽƒe o, eye eƒe ŋutilã manyunyɔ o. 32 Mawu fɔ Yesu sia ɖe tsitre tso ku me, eye mí katã míenye ɖasefowo na tsitretsitsi sia. 33 Ke fifia la, Mawu do eya amea ɖe dzi, hetsɔe ɖo eƒe nuɖusime abe ale si Fofo la ŋutɔ do ŋugbee ene la, ena ŋusẽe be wòaɖo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mía dome, eye eya ƒe dɔwɔnae nye nu siwo kpɔm miele kple nu siwo sem mìele fifia. 34 Elabena David meyi dziƒo o, gake egblɔ be,
" ‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ be:
"Nɔ anyi ɖe nye nuɖusime
35 va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo
awɔ wò afɔɖodzinu." ’
36 "Eya ta mina ne Israel blibo la katã nanyae nyuie be Mawu wɔ Yesu sia, ame si miawo mieklã ɖe ati ŋu la, Aƒetɔ la kple Kristo la siaa."
37 Esi wose nya siawo la, ewɔ dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe be wo dometɔ aɖewo bia Petro kple apostolo bubuawo be, "Nɔviwo, nu ka wɔ ge míala?"
38 Petro ɖo eŋu na wo be, "Mitrɔ dzi me ne woade mawutsi ta na mi le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me, be woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. Ekema miawo hã miaxɔ nunana sia, si nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. 39 Ŋugbedodo la nye miawo ŋutɔwo, mia viwo, ame siwo le adzɔge kple ame siwo katã Aƒetɔ mía Mawu la yɔ la tɔ."
40 Petro tsɔ nya bubu geɖewo xlɔ̃ nu ameha la, eye wòƒoe ɖe wo nu be, "Miɖe mia ɖokuiwo tso dzidzime vɔ̃ɖi sia me." 41 Ame siwo xɔ Petro ƒe nyawo dzi se la, woanɔ abe akpe etɔ̃ ene, eye wode mawutsi ta na wo gbe ma gbe ke, eye wotsɔ wo kpe ɖe ha la ŋu.