Publicidade

Atos 2

22 Petro yi edzi gblɔ be, "Nɔvi Israeltɔwo, miɖo to miase! Mawu nukunuwo, dzesiwo kple nu dzɔtsuwo le mia dome to Yesu Nazaretitɔ la dzi be yeatsɔ aɖo kpe edzii be Yesu nye ye Vi vavã. Nu siawo katã le nyanya me na mi pɛpɛpɛ. 23 Azɔ, abe ale si Mawu ŋutɔ ɖoɖo da ɖi xoxo ene la, eɖe na mi, mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi, klã Yesu ɖe atitsoga ŋu eye miewui. 24 Gake Mawu ŋutɔ gaɖe Yesu tso ku ƒe ŋɔdzi me, fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, elabena ku ƒe ŋusẽ mate ŋu aɖu Yesu dzi o.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-