Publicidade

Atos 2

44 Xɔsetɔwo katã teƒe ɖeka, wowɔ woƒe nuwo katã hamenui, 45 wotsɔ woƒe kesinɔnuwo kple nunɔamesiwo dzra, eye woma ga la na ame sia ame ɖe eƒe hiahiã nu. 46 Wokpea ta ɖe gbedoxɔ la me gbe sia gbe hesubɔa Mawu. Wodoa go le wo nɔewo ƒe aƒewo me heɖua Aƒetɔ la ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Woɖua nu ɖekae le dzidzɔ kple dzimekɔkɔ me, 47 eye wonɔa Mawu kafum ɖaa, hekpɔa amenuveve le amewo katã gbɔ. Ke Aƒetɔ la tsɔa ame siwo kpɔ xɔxɔ la kpena ɖe wo ŋuti gbe sia gbe.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-