12 Ke esi dua me tɔwo se nyanyui la si Filipo gblɔ tso mawufiaɖuƒe la ŋu kple Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la, woxɔe se, eye wode mawutsi ta na wo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. 13 Nukutɔe la, Simɔn, afakala la ŋutɔ hã xɔ mawunya dzi se, ale wode mawutsi ta nɛ. Le esia megbe la, enɔ Filipo ŋu kplikplikpli yia afi sia afi si wòyina la, eye nukunu siwo katã Filipo wɔ la na be eƒe nu ku ŋutɔ.