48Woƒe ƒometɔwo nye Levitɔ bubuawo. Wotsɔ wo ɖo dɔ bubu vovovowo nu le Mawu ƒe agbadɔ la me.
49Ke Aron kple eƒe dzidzimeviwo koe nye nunɔlawo. Woƒe dɔdeasiwo dometɔ aɖewoe nye numevɔwo sasa, dzudzɔdodo, dɔwɔwɔ le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe kple dɔ siwo ku ɖe ƒe sia ƒe ƒe Avuléŋkekenyui le Israel ŋuti. Wokpɔa egbɔ be wowɔ ɖe nu siwo katã Mose, Mawu ƒe dɔla ɖo na wo la dzi pɛpɛpɛ.
39Yesu nɔ nu ƒom tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋuti, elabena woana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ame sia ame si xɔ edzi se. Ke womena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la haɖe o, elabena womekɔ Yesu ŋuti haɖe o.
1Ɖe nyemevo oa? Menye apostoloe menye oa? Ɖe nyemekpɔ Yesu, míaƒe Aƒetɔ la oa? Ɖe menye miawoe nye nye dɔ si mewɔ na Aƒetɔ la ƒe metsonu oa?
12Miewɔnɛ abe ale si wòdze ene na nyagblɔla bubuawo. Ke míawo la, togbɔ be ele be miakpɔ mía dzi hã la, míebia naneke mi kpɔ gbeɖe o. Ke boŋ míawo ŋutɔ míekpɔa mía ɖokuiwo dzi ɣe sia ɣi.Míelĩ fe ame aɖeke kpɔ o, elabena míele vɔvɔ̃m be ne míewɔ esia la, dzi aɖe le mia ƒo eye miagbɔdzɔ le Kristo ƒe nyanyui si míetsɔ vɛ na mi la ŋuti.
19… elabena ame aɖeke kura mele fe xem nam o. Gake melɔ̃ …
20Ne mele Yudatɔwo dome la, mewɔa nu sia nu abe Yudatɔ ene, ale be woalɔ̃ aɖo to nyanyui si gblɔm mele na wo la. Ke mezu abe ame si le sea te ene hena ame siwo le sea te (evɔ la, nye ŋutɔ nyemele sea te hafi o), be asinye nasu ame siwo le sea te la dzi.
9Ŋu akpe nunyalawo, woƒe mo atsi dãa,eye mɔ aɖe wo.Esi wogbe Yehowa ƒe nya la,nunya ka ƒomevie le wo si?
10Eya ta maxɔ wo srɔ̃wo atsɔ na ŋutsu bubuwoeye maxɔ woƒe agblewo atsɔ na amedzrowo.Tso ɖeviawo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi,wo katã le ŋu biãm ɖe viɖe ŋu.Nyagblɔɖilawo kple Nunɔlawo siaanye ameblelawo.
18Oo, nye Akɔfala le xaxa me.Nu te nye dzi ŋu le menye.
2Ewɔ nye nu abe yi ɖaɖɛ ene.Etsɔm ɣla ɖe eƒe asi ƒe vɔvɔli te.Etsɔm wɔ aŋutrɔ ɖaɖɛ,eye wòɣlam ɖe eƒe daku me.
23Fiawo aɖu fofo na mia viwo,fia nyɔnuwo ana no mia viwo.Woade ta agu, atsyɔ mo anyi na mi le ŋkuwò me,eye woaɖuɖɔ ke le afɔŋu na wò.Ekema ànyae be nyee nye Yehowa,ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔwo dana ɖe dzinye la,nyemenana ŋu kpea wo o."
24Ɖe woate ŋu axɔ nu siwo kalẽtɔwo ha lale wo si alo axɔ aboyomewo le ŋutasẽlawo sia?
9Mida gbe le dɔnɔ siwo le afi ma la ŋu, eye miɖe gbeƒã na wo be, ‘Mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome vɔ azɔ.’
11‘Míeʋuʋu miaƒe du ƒe ke si lé ɖe afɔwo ŋuti na mí ɖi abe ɖaseɖiɖi ene. Ke minya nyuie be: mawufiaɖuƒe la gogo.’
25Gbe ɖeka sefiala aɖe si nya Mose ƒe seawo nyuie ŋutɔ la va be yeado Yesu ƒe nyateƒetɔnyenye kpɔ. Ebiae be, "Nufiala, nu kae mawɔ be manyi agbe mavɔ dome mahã?"
3Elɔ̃ eƒe amewo ŋutɔeƒe ame kɔkɔewo le eƒe asi mewole wò afɔtoƒe tomwoxɔ woƒe ɖoɖowo tso gbɔwò.
16Yehowa nayrae kple nunana nyuitɔwokple anyigbadzinu geɖewo,kpakple Mawu, ame si ɖe eɖokui fiale ŋuve ƒe bibi me la ƒe amenuveve.Yayra siawo katã nava Yosef dzi.Ame si nye fiavi le nɔviawo dome.
17Ele abe nyitsuvi eneLe ŋusẽ kple ɖekadzedze me.Eto dzo abe to ƒe dzowo ene;Wòawo wòatsɔ tu dukɔwo aƒu anyi le afi sia afi.Esiae nye nye yayra na Efraim ƒe ame akpe nanewokple Manase tɔ akpe akpewo."
10Ɖe miexɔe se be mele Fofo la me, eye Fofo la hã le menye oa? Nya siwo katã megblɔna la menye nye ŋutɔ nye nyawoe o, ke boŋ Fofonye si le menye la ƒe nyawoe. Fofo la wɔa eƒe dɔwo to dzinye.
11Mixɔe se ko be mele Fofo la me, eye Fofo la hã le menye. Ne miate ŋu axɔ esia dzi se o la, ekema mixɔ dzinye se le nukunu geɖe siwo mewɔ miekpɔ la ta.
17ame si nye nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ, be wòanɔ anyi kpli mi yi ɖe mavɔ me. Xexea me mate ŋu axɔ nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ la o, elabena mekpɔnɛ alo dzea sii o. Ke miawo la, mienyae, elabena ele mia me, eye wòanɔ anyi kpli mi.