Pular para o conteúdo
Publicidade

Yeremia 8

1 "Yehowa be, Le ɣe ma ɣi la, Yuda fiawo kple woƒe dumegãwo ƒe ƒuwo, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo ƒe ƒuwo kple Yerusalem nɔlawo ƒe ƒuwo la, woaɖe wo le woƒe yɔdowo me. 2 Woasia wo, eye ɣe aɖu wo, ɣleti kple dziƒoŋunuwo aklẽ ɖe wo dzi, nu siwo wotsɔ lɔlɔ̃ na hesubɔ nu siwo yome wodze hebia nu le wo gbɔ eye wode ta agu na wo. Womafɔ wo alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene anɔ anyigba. 3 Afi sia afi si manya wo aɖo ɖo la, dukɔ ̃ɖi sia ƒe ame mamlɛawo adi ku wu agbe.’ " Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.

Nu ̃ kple tohehe

4 Gblɔ na wo be, "Ale Yehowa gblɔe nye esi:

" Ne amewo dze anyi la, ɖe womegafɔna oa?

Ne wotra la, ɖe womegatrɔna gbɔna oa?

5 Ekema nu ka ta ame siawo trɔ dzo ɖo?

Nu ka ta Yerusalem le megbe dem ɣe sia ɣi?

Woku ɖe beble ŋuti

eye wogbe be yewomatrɔ o.

6 Meɖo to nyuie,

gake womele nu si le eteƒe la gblɔm o.

Ame ɖeka meli si eƒe ̃ɖivɔ̃ɖi venɛ,

eye wògblɔna be, "Nu kae nye esi mehewɔ o?"

Ame sia ame eƒe tsɔ

abe sɔe ɖe aʋa me ene.

7 Akpaviã le yame ke

nya eƒe azãgbewo,

akpakpa, sagbadre kple tsalĩ,

nya ɣeyiɣi si wòle be woaʋu adzo.

Gake nye dukɔ ya menya

Yehowa ƒe ɖoɖowo o.

8 " Aleke miate ŋu agblɔ be, "Míenye nunyalawo,

elabena Yehowa ƒe se la le mía si,"

evɔ le nyateƒe me, agbalẽfialawo ƒe nuŋlɔti

trɔe wòzu aʋatsoo?

9 Ŋu akpe nunyalawo, woƒe mo atsi dãa,

eye aɖe wo.

Esi wogbe Yehowa ƒe nya la,

nunya ka ƒomevie le wo si?

10 Eya ta maxɔ wo srɔ̃wo atsɔ na ŋutsu bubuwo

eye maxɔ woƒe agblewo atsɔ na amedzrowo.

Tso ɖeviawo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi,

wo katã le ŋu biãm ɖe viɖe ŋu.

Nyagblɔɖilawo kple Nunɔlawo siaa

nye ameblelawo.

11 Wobla abi na nye dukɔ

abe ɖe menye abi aɖeke wònye o ene.

Wole gbɔgblɔm be, Ŋutifafa, ŋutifafa,

evɔ wòhenye ŋutifafa aɖeke meli o hafi.

12 Ɖe woƒe ŋunyɔnu siwo wɔm wole la le ŋu kpem na woa? Ao,

ŋukpe ɖeka mele mo na wo o

eye womenya ale si woƒe mo natsi dãae ̃ o.

Eya ta woatsi aʋatsilawo dome.

Ne mele to hem na wo la, woaƒo wo aƒu anyi."

Yehowae gblɔe.

13 Yehowa be,

"Maxɔ nuku siwo woxa la le wo si.

Wainkawo agbe tsetse,

gbo matse ɖe gbotiwo dzi o

eye woƒe aŋgbawo ayrɔ.

Nu si matsɔ na wo la

woaxɔ wo le wo si."

14 "Nu ka ta mienɔ anyi ɖe afi sia ɖo?

Miƒo ƒu!

Mina míasi ayi ɖe du sesẽwo me

ne míatsrɔ̃ ɖe afi ma!

Elabena Yehowa, míaƒe Mawu la ɖoe ɖi be miatsrɔ̃

eye wotsɔ aɖitsi na be miano

elabena míewɔ nu ̃.

15 Míekpɔ na ŋutifafa

gake nu nyui aɖeke meva o.

Míekpɔ na dɔyɔyɔ

gake ŋɔdzi koe li.

16 Wose futɔ la ƒe sɔwo ƒe afɔzi

le keke Dan.

Ne woƒe sɔwo xlɔ̃ ko la,

anyigba katã nyea zi.

Wova be woaʋuʋu anyigba

kple nu siwo katã le edzi,

du la kple emenɔlawo katã."

17 "Kpɔ ɖa, madɔ da ̃ɖiwo ɖe mia dome.

Da siwo miate ŋu asa gbe ade o

eye woaɖu mi."

Yehowae gblɔe.

18 Oo, nye Akɔfala le xaxa me.

Nu te nye dzi ŋu le menye.

19 Ɖo to nye dukɔ ƒe avifafa

tso anyigba didi aɖe dzi,

"Ɖe Yehowa mele Zion oa?

Ɖe Fia la megale afi ma oa?"

"Nu ka ta wotsɔ woƒe aklamakpakpɛwo kple dutalegba maɖinuwo

do dziku nam ɖo?"

20 "Nuŋeɣi va yi,

eye dzomeŋɔli va yi,

gake womeɖe mi o."

21 Esi wogbã nye dukɔ ta la, nye megbã,

mexa nu eye dzidzi ƒom.

22 Ɖe dɔyɔmi mele Gilead oa?

Gbedala aɖeke mele afi ma oa?

Ke nu ka ta nye dukɔ ƒe abi

mele kukum o?

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também