Pular para o conteúdo
Publicidade

Yeremia 2

Israel gbe nu le Mawu gbɔ

1 Yehowa ƒe gbe va gbɔnye be, 2 "Yi nàkui ɖe to me na Yerusalem be,

"Ale Yehowa gblɔe nye si:

" Meɖo ŋku ɖetugbime ƒe nuteƒewɔwɔ dzi,

kple ale si nèlɔ̃mee esi nènye nye ŋugbetɔ.

Èkplɔm ɖo to gbedadaƒo

kple kuɖiɖinyigba dzi.

3 Israel kɔkɔe na Yehowa,

eƒe nukuwo ƒe ŋgɔgbetɔwo,

ame siwo katã ʋuʋui la,

dze agɔ eya ta dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe wo dzi.’ "

Yehowae gblɔe.

4 Se Yehowa ƒe nya, O Yakob ƒe aƒe,

mi Israel ƒe aƒe la ƒe towo katã.

5 Ale Yehowa gblɔe nye si.

"Vodada kae mia fofowo kpɔ le ŋunye be

wotra ɖa tso gbɔnye nenema gbegbe?

Wokplɔ legba maɖinuwo ɖo

eye woawo ŋutɔ zu nu maɖinuwo.

6 Womebia be, Afi ka Yehowa,

ame si kplɔ tso Egipte, to dzogbe,

afi si nuku mewɔna le o,

to gbedadaƒo kple aganuwo,

to kuɖiɖinyigba dzi kple viviti me,

anyigba si dzi ame aɖeke metona

alo tso aƒe ɖo o la le?o.

7 Mekplɔ mi va anyigba si nyoa nu la dzi be

miaɖu eƒe kutsetsewo kple eƒe nu nyuiwo,

gake mieva do gu nye anyigba

eye miewɔ nye domenyinu wòzu ŋunyɔnu.

8 Nunɔlawo ̃ mebia be, Afi ka Yehowa le?o.

Ame siwo wɔa sea ŋuti la menyam o.

Kplɔlawo dze aglã ɖe ŋutinye.

Nyagblɔɖilawo gblɔ nya ɖi le Baal ƒe ŋkɔ me

eye wokplɔ legba maɖinuwo ɖo."

9 Yehowa be, "Eya ta megatsɔ nya ɖe mia ŋu,

eye matsɔ nya ɖe mia viwo ƒe viwo ŋuti.

10 Mitso ƒu ne miava Kiprotɔwo

ƒe fukpo dzi ne miakpɔ nu.

Midɔ ame ɖo ɖe Kedar ne woalé ŋku

ɖe nuwo ŋu nyuie.

Mikpɔe ɖa be nane anyi alea kpɔ .

11 Ɖe dukɔ aɖe ɖɔli eƒe mawuwo kpɔa?

Evɔ menye mawuwoe wonye hafi o;

gake nye dukɔ tsɔ woƒe ŋutikɔkɔe

ɖɔli legba maɖinuwoe.

12 O, dziƒowo, miaƒe nu neku le esia ta,

eye miadzo nyanyanya kple ŋɔdzi ."

Yehowae gblɔe.

13 "Nye dukɔ nu ̃ eve.

Wogbe nu le nye agbetsivudo la

gbɔ eye woɖe woawo ŋutɔ ƒe tsiʋewo,

tsiʋe siwo ŋɔ eye tsi mate ŋu atɔ ɖe wo me o.

14 Subɔvi alo kluvie Israel nye tso dzidzimea?

Ke nu ka ta wòva zu nuhaha ɖo?

15 Dzatawo ɖe gbe, wole gbe tem ɖe eŋu.

Wowɔ eƒe anyigba wòzu gbegbe.

Wotɔ dzo eƒe duwo eye wozu aƒedowo.

16 Memfistɔwo kple Tapanhestɔwo

ƒlɔ dzodome na wo.

17 Ɖe menye miawo ŋutɔe he esia

va mia ɖokui dzii esi miegbe Yehowa,

miaƒe Mawu la esi wòkplɔ mi le dzi oa?

18 Azɔ nu ka ta miebe yewoayi ɖe Egipte,

aɖano Sihor me tsi?

Eye nu ka ta miayi Asiria be

miano Frat tɔsisi me tsi?

19 Miaƒe ̃ɖivɔ̃ɖi ahe to na mi

eye miaƒe megbedede aka mo na mi.

Bu eŋu nàdze si ale si wòavɔ̃ɖi na ,

ahave wòe esi nègblẽ Yehowa,

Mawu la ɖi, eye mèvɔ̃m o la ta."

Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.

20 "Tso gbe aɖe gbe ke nèŋe kɔkuti,

eye nètso bablawo, ègblɔ bena,

Nyemasubɔ o!

Vavã, èmlɔ anyi abe gbolo ene

ɖe togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi

kple ati dama ɖe sia ɖe te.

21 Medo abe wainti nyuitɔ si tso wainka vavã

siwo tsena nyuie la dometɔ ɖeka ene.

Ke nu ka ta nèwɔ ɖe ŋutinye alea hezu

abe wainka si mie le eɖokui si la ene?

22 Togbɔ be èle tsi kple adzalẽ

eye nèle adzalẽ ʋeʋĩ geɖe la,

nu ̃ ƒe ɖiƒoƒo gale nye ŋkume kokoko."

Aƒetɔ Yehowae gblɔe.

23 "Nu ka ta nàgblɔ be,

Nyemeɖu o,

nyemeƒu du dze Baalwo yome o?

Kpɔ ale si nèwɔ le balime la ɖa.

Bu nu si nèwɔ la ŋu kpɔ.

Èle abe kposɔnɔ si ɖia du

eye wòle du sim tso afi yi afi la ene.

24 Èle abe gbetedzi si nyagbegbe nyuie hele ya ʋẽm

kple eƒe ŋɔti le eƒe fieŋufieŋu me la ene.

Ne asiyɔyɔ le edzrom la,

ame ka ate ŋu axe ?

Mehiã ̃ be atsu siwo le eyome tim la

nakplɔe ɖo ɖeɖi nate wo ŋuti o

elabena ne eɖo asiyɔyɔ dzi la,

woake ɖe eŋu bɔbɔe.

25 Mègaƒu du va se ɖe esime afɔwo natsi ƒuƒlu,

eye ve me naƒu kplakplakpla o.

Gake, ègblɔ be, Mehiã o;

melɔ̃ dutamawuwo eya ta

ele nam be mati wo yome.

26 "Abe ale si ŋu kpea fiafitɔ ne asi su edzi ene la,

nenema ke ŋu akpe Israel ƒe aƒe la,

woƒe fiawo, woƒe dumegãwo,

woƒe nunɔlawo kple woƒe nyagblɔɖilawo.

27 Wogblɔna na ati be, Wòe nye fofonye.

Wogblɔna na kpe be, Wòe dzim.

Wotrɔ woƒe megbe dem

ke menye woƒe ŋkume o,

gake ne woɖo xaxa me la, wogblɔna be,

Va, nàɖe !

28 Ekema afi ka ̃e mawu siwo miewɔ

na mia ɖokuiwo la le?

Woneva ne woate ŋu aɖe mi,

ne mieɖo xaxa me!

O Yuda, mawuwo gbɔ

abe duwo ene."

29 Yehowa be, "Nu ka ta mietsɔ nya ɖe ŋutinye ɖo?"

Evɔ mi katã miedze aglã ɖe ŋutinye.

30 "Dzodzroe mehe to na amewo,

elabena mehe ɖɔɖɔɖo aɖeke va woƒe agbe mee o.

yi vuvu nyagblɔɖilawo abe dzata dɔwui ene.

31 "O dzidzime sia, mibu Yehowa ƒe nya ŋu.

"Gbegbee menye na Israel loo

alo viviti tsiɖitsiɖi ƒe anyigba?

Nu ka ta nye dukɔ le gbɔgblɔm be,

Ablɔɖe le mía si be míatsa

eya ta miagatrɔ ava gbɔwò o?

32 Ɖe ɖetugbi aŋlɔ eƒe atsyɔ̃ɖonuwo be

alo ŋugbetɔ naŋlɔ eƒe lekewɔnuwo bea?

Gake nye dukɔ ŋlɔm be hena ɣeyiɣi didi aɖe.

33 Aleke nèhenya ahiãdidii!

Nyɔnu siwo bi ɖe ŋunyɔnuwo wɔwɔ

me ate ŋu asrɔ̃ nu tso gbɔwò.

34 Amewo kpɔ ame maɖifɔ dahewo

ƒe ʋu le awuwo me,

evɔ mèlé wo wonɔ ʋɔ gbãm hafi o,

gake le esiawo katã megbe la,

35 ègblɔ be, Nyemeɖi o.

Mekpɔ dziku ɖe ŋutinye o.

Ke madrɔ̃ ʋɔnu elabena ègblɔ be,

Nyemewɔ nu ̃ o.

36 Nu ka ta nèle yiyim nenema gbegbe

le mɔwo trɔm?

Egipte ana ŋu nakpe abe ale si Asiria

na ŋu kpe ene.

37 Àtsɔ asi akpla ta hafi adzo le teƒe ma

elabena Yehowa gbe nu le ame siwo dzi nèka ɖo la gbɔ.

Eya ta womakpe ɖe ŋuwò o.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também