Pular para o conteúdo
Publicidade

Yeremia 45

Gbedeasi na Baruk

1 Esia nye nya si Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ na Neria ƒe vi, Baruk esi Baruk ŋlɔ nya siwo wògblɔ ɖe lãgbalẽ dzi megbe. Esia va me le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me: 2 "Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ na , Baruk nye esi: 3 Ègblɔ be, Baba nam! Yehowa tsɔ nuxaxa kpe ɖe nye vevesese ŋu. Ŋeŋe manyagblɔ na nu ti nam belebele eye nyemekpɔ dziɖeɖi aɖeke o.’ "

4 Yehowa be, "Gblɔ be, Ale Yehowa gblɔe nye esi: Magbã nu si nye ŋutɔ metu eye maho nu si nye ŋutɔ medo, le anyigba katã dzi. 5 Ɖe wògahiã be nàdi nu gãwo na ɖokuiwòa? Mègadi wo o, elabena Yehowa be mahe gbegblẽ va amewo katã dzi, ke afi sia afi si nàyi la mana nàɖe agbe.’ "

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também