Pular para o conteúdo
Publicidade

Yeremia 38

Wolé Yeremia de vudo me

1 Sefatia, Matan ƒe vi, Gedalia, Pasur ƒe vi, Yehukal, Selemia ƒe vi kple Pasur, Malkiya ƒe vi, wose nya si Yeremia gblɔ, esi wònɔ gbɔgblɔm na dukɔ la be, 2 "Ale Yehowa gblɔe nye esi: Ame si anɔ du sia me la, atsi yi nu, dɔwuame alo dɔvɔ̃ ƒe asi me, gake ame si tsɔ eɖokui de asi na Babiloniatɔwo la, atsi agbe. Eƒe agbe azu afunyinu , ale wòanɔ agbe.3 Ale Yehowa gblɔe nye si, Woatsɔ du sia ade asi na Babilonia fia ƒe aʋakɔ kokoko eye woaxɔe.’ "

4 Tete dumegãwo gblɔ na fia la be, "Ŋutsu sia dze na ku. Ele dzi ɖem le ƒo na aʋakɔ la kple ame siwo susɔ ɖe du sia me to nya siwo gblɔm wòle na wo me. Ŋutsu sia mele woƒe nyui dim o, negbe woƒe gbegblẽ."

5 Fia Zedekia ɖo eŋu na wo be, "Fia la mate ŋu awɔ naneke atsi tsitre ɖe mia ŋuti o, eya ta ele miaƒe asi me."

6 Ale wolé Yeremia tsɔ de Malkiya, fia la ƒe vi ƒe vudo si le fiasã ƒe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la me. Wode kae heɖiɖii ɖe vudo si me tsi mele o negbe ba koe le eme la me, eye Yeremia ɖo to ɖe ba la me.

7 Ke Kusitɔ aɖe, Ebed Melek, ame si nye dɔnunɔlawo dometɔ ɖeka le fiasã me la se be wolé Yeremia de vudo me. Esi fia la anyi ɖe Benyamingbo la nu la, 8 Ebed Melek tso le fiasã la me yi ɖe egbɔ eye wògblɔ bena, 9 "Nye aƒetɔ fia, ŋutsu siawo ŋutasẽnu ɖe Nyagblɔɖila Yeremia ŋu, le nu siwo katã wowɔ la me. Wotsɔe de vudo me afi si awui le wòaku nenye be abolo le dua me."

10 Tete fia la ɖe gbe na Kusitɔ, Ebed Melek be, "Kplɔ ŋutsu blaetɔ̃ tso teƒe sia ne miayi aɖaɖe Nyagblɔɖila Yeremia le vudo la me hafi wòava ku."

11 Ale Ebed Melek kplɔ ŋutsuawo ɖe asi eye woyi ɖe si le nudzraɖoƒe la te, le fiasã la me. Etsɔ avɔ vuvu kple awu vuvu aɖewo le afi ma, hetsɔ wo sa ɖe ka ŋuti heɖiɖii ɖe Yeremia gbɔ le vudo la me. 12 Kusitɔ, Ebed Melek gblɔ na Yeremia be, "Tsɔ avɔ vuvuawo kple awu vuvuawo de axatome be kawo magabebe o." Yeremia wɔe nenema. 13 Eye wohee kple ka do goe le vudo la me. Ale Yeremia tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu.

Zedekia gabia gbe Yeremia

14 Tete Fia Zedekia amewo ɖa be woayɔ Nyagblɔɖila Yeremia eye wòna wokplɔe yi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe agbo etɔ̃lia nu. Fia la gblɔ be, "Mele nya aɖe bia ge ; mègaɣla naneke ɖem o."

15 Yeremia gblɔ na Zedekia be, "Ne mena ŋuɖoɖo la, màwum oa? Ne meɖo aɖaŋu na ̃ la, màɖo tom o."

16 Ke Fia Zedekia ka atam sia na Yeremia le bebeme be, "Meta Yehowa, ame si na agbegbɔgbɔ la ƒe agbe be, nyemawu loo, alo atsɔ ade asi na ame siwo le ku dim la o."

17 Tete Yeremia gblɔ na Zedekia be, "Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Ne ètsɔ ɖokuiwò de asi na Babilonia fia ƒe amegãwo la, àɖe agbe eye womatɔ dzo du sia o, ale ŋutɔ kple ƒometɔwo siaa miatsi agbe. 18 Ke ne ègbe be yematsɔ ɖokuiwò ade asi na Babilonia fia ƒe amegãwo o la, woatsɔ du sia ade asi na Babiloniatɔwo woatɔ dzoe keŋkeŋ eye ŋutɔ màdo le woƒe asi me o.’ "

19 Fia Zedekia gblɔ na Yeremia be, "Mele vɔvɔ̃m na Yudatɔ siwo si yi ɖe Babiloniatɔwo gbɔ, elabena Babiloniatɔwo ate ŋu atsɔm ade asi na wo eye woawɔ fum."

20 Yeremia ɖo eŋu be, "Womatsɔ ade asi na wo o. Ɖo to Yehowa, nàwɔ nu si megblɔ na , ekema eme anyo na eye àɖe agbe. 21 Ke ne ègbe, mèna ta o la, nu si Yehowa ɖe fiam lae nye esi: 22 Woakplɔ nyɔnu siwo katã susɔ ɖe Yuda fia ƒe fiasã me la na Babiloniatɔwo ƒe amegãwo. Nyɔnuawo agblɔ na be:

" ̃siwo dzi nèka ɖo la kplɔ trae, eye woɖu dziwò.

afɔ ɖo ba,

eye ̃wòwo kaka le ŋuwò.

23 "Woakplɔ srɔ̃wòwo katã kple viwòwo ayi na Babiloniatɔwo, ŋutɔ màsi le wo ƒe asi me o, ke boŋ Babilonia fia alé eye wòatɔ dzo du sia keŋkeŋ."

24 Tete Zedekia gblɔ na Yeremia be, "Mègana ame aɖeke nanya nu le dzeɖoɖo si yi edzi le mía dome la ŋuti o, ne menye nenema o la, àku. 25 Ne adzɔ be dumegãwo ase be meƒo nu kpli , eye woava gbɔwò agblɔ be: Gblɔ nu si nègblɔ na fia la kple ale si fia la ɖo eŋui na la na , mègaɣla ɖeke ɖe o, ne menye nenema o la, àkula, 26 ekema gblɔ na wo be, Ɖeko mele kuku ɖem na fia la be megatrɔm ɖo ɖe Yonatan ƒe aƒe me, ne maku ɖe afi ma o.’ "

27 Kasia, dumegãwo katã va ƒo ɖe Yeremia ŋu hebia gbee tso gododo la ŋu eye wògblɔ nu si fia la de se be wòagblɔ la na wo. Ale womegabia nya aɖekee o, elabena ame aɖeke mese dzeɖoɖo si yi dzi le wo kple fia la dome o.

28 Ale Yeremia tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu va se ɖe esime woxɔ Yerusalem du la.

Woxɔ Yerusalem dua

Yerusalem du la xɔxɔ yi ale:

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também