Pular para o conteúdo
Publicidade

Yeremia 4

1 Yehowa be,

"O Israel, ne miatrɔ la,

ekema mitrɔ va gbɔnye ne

mieɖe miaƒe legba nyɔŋuawo ɖa

le nye ŋkuta eye miagatra o.

2 Ne mieta nu be

Zi ale si Yehowa le agbele nyateƒe,

kakaɖedzi kple dzɔdzɔenyenye me la,

ekema ayra dukɔwo eye

le eya amea mee woaƒo adegbe le."

3 Ale Yehowa gblɔ na Yuda kple Yerusalem ŋutsuwoe nye esi:

"Miŋlɔ agble yeye,

migaƒã nu ɖe aŋɔkawo me o.

4 Mi Yuda kple Yerusalem ŋutsuwo,

mitso aʋa na mia ɖokuiwo na Yehowa.

Mitso aʋa na miaƒe dziwo,

ne menye nenema o la,

nye dziku helĩhelĩ alé dzo abi abe dzo ene

eye ame aɖeke mate ŋu atsii o,

ɖe nu ̃ siwo miewɔ la ta."

Gbegblẽ tso dzigbeme

5 "Miɖe gbeƒã le Yuda, eye mido kpo

le Yerusalem gblɔ be,

Miku kpẽ le anyigba la katã dzi!

Mido ɣli sesĩe be,

Miƒo ƒu! Mina míasi ayi ɖe du sesẽwo me!

6 Mikɔ aflaga dzi ɖo ɖe Zion!

Misi yi sitsoƒe, migatɔ o!

Elabena mehe gbegblẽ tso anyiehe gbɔnae,

gbegblẽ si teƒe makɔ o."

7 "Dzata aɖe do tso eƒe do me,

dukɔwo gblẽla aɖe tso dze .

Etso le enɔƒe be wòava

miaƒe anyigba wòazu gbegbe,

ne wòawɔ miaƒe duwo woazu aƒedowo

eye amewo manɔ wo me o.

8 Eya ta mita akpanya,

mifa konyi eye mifa avi sesĩe,

elabena Yehowa ƒe dziku sesẽ la medzo le mía dzi o."

9 Yehowa be,

"Ɣe ma ɣi la dzi aɖe le fia la

kple eƒe dumegãwo ƒo,

ŋɔdzi alé Nunɔlawo

eye Nyagblɔɖilawo ƒe nu atsi te."

10 Tete megblɔ be, "O Aƒetɔ Yehowa, èflu ame siawo kple Yerusalem ŋutɔ esi nègblɔ be, Miakpɔ ŋutifafa.Evɔ, woɖo yi míaƒe vewo dzi."

11 Le ɣe ma ɣi la, woagblɔ na ame siawo kple Yerusalem be, "Ya xɔdzo aɖe ƒo tso to ƒuƒluwo dzi to gbegbe gbɔna va nye amewo gbɔ gake menye wòagbɔ nu alo aklɔ nu ta o. 12 Ya sia sẽ ŋutɔ elabena etso gbɔnye. Azɔ la, mehe nye ʋɔnudɔdrɔ̃ va wo dzii."

13 Kpɔ ɖa! Egbɔna abe lilikpowo ene,

eƒe tasiaɖamwo le du dzi abe ahomya ene

eye eƒe sɔwo ɖea abla wu ̃wo.

Baba na ! Míetsrɔ̃ !

14 O Yerusalem, klɔ nu tovo ɖa

le dzi ŋu be nàkpɔ xɔxɔ.

Va se ɖe ɣe ka ɣie susu ̃ɖi anɔ mewò?

15 Gbe aɖe le gbeƒã ɖem tso Dan.

Ele kpo dom gbegblẽ si tso

Efraim togbɛwo dzi gbɔna.

16 "Migblɔ nya sia na dukɔwo,

miɖe gbeƒãe na Yerusalem be,

Asrafo siwo ɖea to ɖe duwo la gbɔna tso

adzɔgenyigba aɖe dzi;

wole aʋaɣli dom ɖe Yuda ƒe duwo ŋuti.

17 Woɖe to ɖee abe agbleŋudzɔlawo ene

elabena edze aglã ɖe ŋunye.’ "

Yehowae gblɔe.

18 "ŋutɔ afɔɖeɖewo

kple nuwɔnawoe he esia va dziwòe.

Esiae nye tohehe.

Aleke wòahave wòe!

Aleke wòahaƒo ɖe dzii!"

19 O nye dablibɛƒoƒo, nye dablibɛƒoƒo!

Mele ŋeŋem le vevesese me.

O nye dzi abi ɖe me nam!

Nye dzi le ƒoƒom le menye, nyemate ŋu azi ɖoɖoe o,

elabena mese kpẽ ƒe ɖiɖi,

mese aʋaɣlidodo.

20 Gbegblẽ kplɔ gbegblẽ ɖo

eye anyigba blibo la zu aƒedo.

Enumake wogbã nye agbadɔwo

eye le aɖabaƒoƒo ɖeka me wogbã nye aƒe.

21 Va se ɖe ɣe ka ɣie makpɔ aflaga, ase aʋakpẽ?

22 "Nye amewo nye movitɔwo eye womenyam o.

Wole abe ɖevi abunɛtɔwo ene

elabena womenyam o.

Wobi ɖe nu ̃ɖi wɔwɔ me

eye womenya nu nyui wɔwɔ o."

23 Metsa ŋku le anyigba dzi,

ele nyamaa, le ƒuƒlu.

Mewu mo dzi kpɔ dziƒo

gake woƒe kekeli megali o.

24 Mewu mo dzi kpɔ towo,

wole dzodzom kpekpekpe

eye togbɛwo katã le ʋuʋum.

25 Metsa ŋku ke nyemekpɔ ame aɖeke o.

Xevi ɖe sia ɖe si le yame ̃ dzo dzo.

26 Menye eye mekpɔ anyigba nyonu la zu gbegbe;

eƒe duwo katã zu aƒedo le Yehowa ŋkume

le eƒe dziku helĩhelĩ la ta.

27 Ale Yehowa gblɔe nye esi:

"Anyigba blibo la azu aƒedo,

gake nyemagblẽe gbidigbidi o.

28 Eya ta anyigba axa nu

eye dziƒo ado viviti elabena meƒo nu

eye nyemagbe edziwɔwɔ o.

Meɖo ta me eye nyematrɔ susu o."

29 Du sia du du tsɔ esi wose sɔwo

kple aŋutrɔdalawo ƒe hoowɔwɔ.

Ame aɖewo yi ɖabe ɖe ave dodowo me,

eye ɖewo lia agakpewo.

Duwo katã me ɖi gbɔlo:

ame aɖeke megale wo me o.

30 O, ame si wotsrɔ̃, nu ka wɔm nèle?

Nu ka ta nètsɔ awu dzĩ kple sikanuwo do?

Nu ka ta nètsɔ ɖoŋkui sisi ɖe ŋkuta ɖo?

Dzodzroe nèwɔ leke na ɖokuiwò.

lɔlɔ̃tɔwo do vlo

eye wole agbe yome tim.

31 Mese ɣli aɖe abe nyɔnu si le ku lém la ene.

Mese ŋeŋe aɖe abe nyɔnu

si le vi gbãtɔ dzim la ene.

Ɣli la nye Zion vinyɔnu si gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo hetsɔ

eƒe asiwo do ɖe dzi la . Ele gbɔgblɔm be,

"Evɔ nam! Nye mo le zi tsyɔm;

wotsɔ nye agbe de asi na amewulawo."

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também