Publicidade

Jeremias 12

Yeremia ƒe nyahehe

1 Oo, Yehowa, ne metsɔ nya ɖe ŋutiwò la,

wò nya dzɔna ɣe sia ɣi.

Gake mahe nya kpli wò tso wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti.

Nu ka ta ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzea edzi na wo ɖo?

Nu ka ta dzimaxɔsetɔwo nɔa agbe le dziɖeɖi me?

2 Èdo wo, woto ke eye wotsi hetse ku.

Wò ŋkɔ le nu na wo

gake woƒe dziwo le adzɔge tso gbɔwò.

3 Oo, Yehowa, ke wò la ènyam,

èkpɔm eye nèdo nye susuwo kpɔ tso ŋutiwò.

Eya ta he wo abe alẽwo ene nàkplɔ yi wuwuƒee!

Ɖe wo ɖe aga hena wuwuŋkeke la!

4 Va se ɖe ɣe ka ɣie ku naɖi le anyigba dzi

eye gbewo naƒu ase ɖo?

Esi edzinɔlawo nye ame vɔ̃ɖiwo ta la,

xewo kple lãwo siaa tsrɔ̃.

Gawu la, amewo le gbɔgblɔm be,

"Makpɔ nu si dzɔ ɖe mía dzi o."

Mawu ƒe nyaŋuɖoɖo

5 "Ne èke duɖime kple amegbetɔwo

kple afɔ eye nu te ŋuwò la,

aleke nàte ŋu ake duɖime kple sɔwo?

Ne èle nu klim le anyigba si dzi kɔ nyuie dzi la,

aleke nàhawɔ le Yɔdan ƒe avekawo me?

6 Nɔviwò kple wò ŋutɔ

wò ƒometɔwo gɔ̃ hã de wò asi

eye wodo ɣli sesĩe ɖe tawò.

Togbɔ be woƒo nu nyuie le ŋutiwò hã la,

mègaɖo dzi ɖe wo ŋu o.

7 "Magbe nu le nye aƒe gbɔ

eye magble nye domenyinu ɖi.

Matsɔ ame si melɔ̃ la ade asi na eƒe futɔwo.

8 Nye domenyinu va le nam abe dzata si le ave me ene.

Ele gbe tem ɖe ŋutinye, eya ta melé fui ɖo.

9 Ɖe nye domenyinu mezu xeƒonu ŋɔŋɔe

si xeƒonu bubuwo ƒo xlãe eye wodze edzi oa?

Yi nàƒo lã wɔadãwo katã nu ƒu vɛ

ne woava vuvu nu.

10 Alẽkplɔla geɖewo agblẽ nye waingble

eye woanye avuzi le nye agble dzi.

Wole nye agble veviwo wɔ ge

woazu gbegbe ɖeɖe sɔŋ.

11 Wole ewɔ ge wòazu gbegbe

kple kuɖiɖinyigba si manyo na

naneke le ŋkunye me o.

Anyigba la katã azu aƒedo

elabena ame aɖeke manɔ anyi

si atsɔ ɖe le eme o.

12 Nugblẽlawo ava ƒo ɖe to ƒuƒluwo dzi le gbedzi

elabena Yehowa ƒe yi agblẽ nu tso anyigba

ƒe go sia dzi ayi ekemɛ dzi

eye ame aɖeke mato le eme o.

13 Woaƒã ƒo gake woaxa ŋu,

woaku kutri gake womakpɔ naneke tso eme o.

Eya ta, nuku siwo miexa la nakpe ŋu na mi

le Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la ta."

14 Ale Yehowa gblɔe nye si, "Ke hena nye aƒelika vɔ̃ɖi siwo xɔ domenyinu si metsɔ na nye dukɔ Israel sesẽtɔe la, maho wo le woƒe anyigbawo dzi eye maho Yuda ƒe aƒe la le wo dome. 15 Ne meho wo vɔ la, magakpɔ nublanui na wo, eye makplɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe va eƒe domenyinu gbɔ kple eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi. 16 Ne wosrɔ̃ nye dukɔ ƒe mɔwo nyuie abe ale si woawo hã fia nye dukɔe be woayɔ Baal ata nui, eye wota nye ŋkɔ hegblɔ be, ‘Zi ale si Yehowa le agbe’ ene la, ekema maɖo wo te le nye dukɔ la dome. 17 Ke ne dukɔ aɖe meɖo to o la, mahoe keŋkeŋ, eye matsrɔ̃e gbidii." Yehowae gblɔe.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-18_14-04-22-