Pular para o conteúdo
Publicidade

Yeremia 22

Ʋɔnudɔdrɔ̃ fia ̃ɖiwo

1 Ale Yehowa gblɔe nye si, "Yi ɖe Yuda fia ƒe sãme eye nàgblɔ gbedeasi sia , 2 O Yuda fia, ame si David ƒe fiazikpui dzi, dumegãwo kple ame siwo toa agbo siawo me yina, mise Yehowa ƒe nya. 3 Ale Yehowa gblɔe nye si: Miwɔ nu dzɔdzɔe eye miwɔ nu si le eteƒe. Mixɔ ame si woda adzoe la le ŋutasẽla ƒe fego me. Migawɔ ̃ alo ate amedzrowo, tsyɔ̃eviwo alo ahosiwo ɖe to o eye migakɔ ʋu maɖifɔ ɖi ɖe teƒe sia o; 4 elabena ne mieɖɔ ŋu ɖo hewɔ ɖe sedede siawo dzi la, ekema fia siwo anɔ David ƒe fiazikpui dzi la, ato fiasã sia ƒe agbowo me, anɔ tasiaɖamwo me, anɔ sɔwo dzi eye woƒe dumegãwo kple dumetɔwo akplɔ wo ɖo. 5 Ke ne mieɖo to sedede siawo o la, meta ɖokuinye be fiasã sia agbã, azu aƒedo.’ " Yehowae gblɔe.

6 Elabena ale Yehowa gblɔ le Yuda fia ƒe fiasã la ŋue nye esi: "Togbɔ be èle nam abe Gilead kple Lebanon towo ƒe tame ene la, mawɔ le nyateƒe me nàzu abe gbegbe kple du siwo zu aƒedo ene. 7 Maɖo nugblẽlawo ɖe ŋuwò, ɖe sia ɖe alé lãnu ɖe asi eye woalã sedati vavãwo atsɔ aƒu gbe ɖe dzo me.

8 "Dukɔ geɖe me tɔwo ava to du sia ŋu ayi eye woabia wo nɔewo be, Nu ka ta Yehowa nu sia tɔgbi ɖe du xɔŋkɔ sia ŋuti ɖo?9 Ŋuɖoɖoa anye be, Elabena wogblẽ Yehowa, woƒe Mawu la ƒe nubabla ɖi hesubɔ mawu bubuwo eye wode ta agu na wo.’ "

10 Mègafa avi na fia si ku la alo nàfa eƒe ku o,

ke boŋ fa avi vevie na ame si woɖe aboyoe

elabena magatrɔ agbɔ

alo akpɔ eƒe denyigba akpɔ o.

11 Ale Yehowa gblɔ le Salum, Yosia ƒe vi, ame si ɖu fia le Yuda ɖe fofoa yome, gake dzo le teƒe sia ŋutie nye esi: "Magatrɔ agbɔ gbeɖe o. 12 Aku ɖe afi si woɖe aboyoe ɖo eye magakpɔ anyigba sia akpɔ o."

13 "Baba na ame si tu eƒe fiasã to madzɔmadzɔ dzi

eye eƒe to amebaba me,

ame si zia eƒe dukɔmetɔwo dzi be

woawɔ yakatsyɔ eye wògbea fexexe na wo.

14 Ame si gblɔ be, Matu fiasã aɖe na ɖokuinye

eye dziƒoxɔwo me akeke nyuie.

Ale wòɖe fesre gãwo ɖe eŋuti

eye wòtsɔ sedaʋuƒowo fa ɖe xɔawo me,

hetsɔ aŋɔ dzĩ si .

15 "Ɖe sedati gbogbo siwo le asiwò la nèzu fia?

Ɖe nuɖuɖu kple nunono menɔ fofowò si oa?

Fofowò nu si dze eye wòle eteƒe

eya ta nu sia nu dze edzi nyuie.

16 Eʋli ame dahewo kple hiãtɔwo ta

eya ta nu sia nu dze edzi ɖo.

Ɖe menye esiae nye sidzedzem oa?"

Yehowae gblɔe.

17 "Ke ŋku kple dzi ku ɖe viɖe ƒoɖi,

ʋu maɖifɔ kɔkɔ ɖi, ameteteɖeto kple amebaba ko ŋuti."

18 Eya ta ale Yehowa gblɔ le Yosia ƒe vi, Yehoyakim, Yuda fia ŋutie nye esi:

"Womafa agblɔ be, Ao, nɔvinye ŋutsu! Ao, nɔvinye nyɔnu!o.

Eye womafa be,

Ao, nye aƒetɔ! Ao, eƒe atsyɔ̃!’ o.

19 Woaɖii abe ale si woɖia tedzi kuku ene

elabena woahee lelele le anyigba,

atsɔ aƒu gbe ɖe Yerusalem ƒe agbowo godo."

20 "Yi ɖe Lebanon, nàfa avi sesĩe

ne woase gbe le Basan ke,

Abarim nàfa avi kple ɣli

elabena wotsrɔ̃ lɔlɔ̃tɔwo katã.

21 Megblɔe na kɔtɛe esi nèsusu be

yele dedinɔnɔ me, gake ègblɔ be,

Nyemaɖo to o!

Aleae nye nɔnɔme tso ɖekakpuime ke;

ègbe, mèɖo tom kpɔ o.

22 Yaƒoƒo akplɔ alẽkplɔlawo katã adzoe,

eye woaɖe aboyo lɔlɔ̃tɔwo katã.

Ekema ŋu akpe eye woado vlo

le ̃ɖivɔ̃ɖi gbogboawo ta.

23 Mi, ame siwo tso aƒe ɖe Lebanon,

heɖe dzi ɖi bɔkɔɔ le sedatixɔwo me,

aleke miahaɖe hũu, ne vevesese va mia dzi!

Miase veve abe nyɔnu si le ku lém la ene!"

24 Yehowa be, "Meta nye agbe be, nenye , Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vie nye ŋkɔsigɛ le asibidɛ ɖusimetɔ ŋuti nam ̃ la, maɖe aƒu gbe godoo. 25 Makplɔ ade asi na ame siwo le agbe yome tim, Nebukadnezar, Babilonia fia kple Babiloniatɔ siwo nèle vɔvɔ̃m na. 26 Matsɔ kple dawò si dzi la aƒu gbe ɖe dukɔ bubu me, afi si womedzi mia dometɔ aɖeke ɖo o; afi ma mi ame evea miaku ɖo. 27 Miagatrɔ agbɔ ava anyigba si miedi vevie la dzi kpɔ o."

28 Ɖe ŋutsu sia Yehoyatsin zu ze gbagbã ɖigbɔ̃

si dim ame aɖeke mele oa?

Nu ka ta woatsɔ eya kple viawo aƒu gbe ɖe anyigba

si womenya o la dzi?

29 O anyigba, anyigba, anyigba,

se Yehowa ƒe nya!

30 Ale Yehowa gblɔe nye esi:

"Miŋlɔ nu tso ŋutsu sia ŋu abe

ame si si vi mele o la ene,

ame si nu madze edzi na le eƒe agbe me o;

elabena eƒe dzidzimevi aɖeke makpɔ dzidzedze o,

eye wo dometɔ aɖeke manɔ anyi ɖe

David ƒe fiazikpui dzi alo agaɖu fia akpɔ le Yuda o."

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também