21 Ehe ŋutifafa sia vɛ na mi, ame siwo nɔ adzɔge tsã tso Mawu gbɔ la hã. Tsã la, mienye Mawu ƒe futɔwo, mielé fui, eye miaƒe susu vɔ̃wo kple vɔ̃wɔwɔwo na be mi kplii dome klã, gake azɔ la, egakplɔ mi va eɖokui gbɔe abe exɔlɔ̃wo ene. 22 Kristo wɔ esia to eƒe ku me abe amegbetɔ ene, hekplɔ mi va Mawu ƒe ŋkumee; miele tsitre ɖe Mawu ŋkume ame maɖifɔwoe, eye naneke kura megale mia ŋuti si ana woaka mo na mi o. 23 Nu ɖeka si ku ɖe nu sia ŋuti la koe nye be miaxɔ nyateƒe la dzi ase blibo, abe ame siwo gɔme woɖo anyi eye wole tsitre sesĩe ene, eye miagana woate mi ɖa tso nyanyui la ƒe mɔkpɔkpɔ si miese la gbɔ o. Esia nye nukunya kple nya si va na mi katã, eye wòle kakam ɖe xexe blibo la katã me fifia. Eye enye dzidzɔ na nye, Paulo, be masubɔ agblɔ nya sia na ame bubuwo.
Publicidade