18 Migana ame aɖeke nable mi be esi miegbe be yewomasubɔ mawudɔlawo abe ale si wogblɔ na mi ene o ta la, miele tsɔtsrɔ̃ ge o. Wogblɔna be yewokpɔ ŋutega, eye yewonya be ele be miasubɔ mawudɔlawo. Ame siawo nye dadalawo togbɔ be wogblɔna be yewonye ɖokuibɔbɔɖeanyilawo hã. Susu wɔnuku le wo si. 19 Ke womeku ɖe Kristo si nye ta si ŋu mi ame siwo katã nye eƒe ŋutilã la ku ɖo la ŋu o, elabena eƒe lãmeka sesẽwo Mawu tsɔ bla mí ɖekae, eye míetea ŋu tsina, elabena míexɔa nunyiame kple ŋusẽ tso eya ɖeka ko gbɔ.
Publicidade