12 Eya ta esi mienye Mawu ƒe ame tiatiawo kple ame kɔkɔewo kpakple lɔlɔ̃viwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ, nublanuikpɔkpɔ, ɖokuibɔbɔ, tufafa kple dzigbɔɖi ƒe awuwo na mia ɖokuiwo. 13 Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ mia nɔewo ƒe vodadawo ke wo. Miɖo ŋku ale si Aƒetɔ la tsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mii la dzi, eye miawo hã miatsɔ ake mia nɔewo nenema ke.
14 Ƒo esiawo katã ta la, mina lɔlɔ̃ nafia ale si mianɔ agbee la mi, elabena esia ana be mianɔ anyi le ɖekawɔwɔ blibo me. 15 Mina ŋutifafa si tso Kristo gbɔ la naɖu dzi le miaƒe dziwo kple agbenɔnɔ blibo katã me ɣe sia ɣi, elabena esia nye miaƒe dɔdeasi kple mɔnukpɔkpɔ abe ame siwo nye ŋutilã ɖeka ƒe ŋutinuwo ene. Eye mida akpe ɣe sia ɣi.