15 Mina ŋutifafa si tso Kristo gbɔ la naɖu dzi le miaƒe dziwo kple agbenɔnɔ blibo katã me ɣe sia ɣi, elabena esia nye miaƒe dɔdeasi kple mɔnukpɔkpɔ abe ame siwo nye ŋutilã ɖeka ƒe ŋutinuwo ene. Eye mida akpe ɣe sia ɣi. 16 Mina be Kristo ƒe nya la natso aƒe ɖe mia me le agbɔsɔsɔ me, esi miele nu fiam, le nu xlɔ̃m mia nɔewo kple Mawu me nunya. Midzi Psalmowo, hadzidziwo kple gbɔgbɔmehawo kple akpedada le miaƒe dziwo me na Mawu. 17 Eye nu sia nu si miawɔ la, eɖanye le nya me alo nuwɔwɔ me o, miwɔ wo katã le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me, eye miada akpe na Mawu Fofo la, to eya amea me.
Publicidade