9 Migaka aʋatso na mia nɔewo o; elabena mieɖe agbe xoxo la kple eƒe nuwɔnawo ɖa. 10 Azɔ la, miele agbe yeye nɔm, eye agbe yeye nɔnɔ sia na miele nu nyui wɔwɔ srɔ̃m gbe sia gbe le sidzedze me, be mianɔ ame si nye Wɔla la ƒe nɔnɔme me. 11 Le agbe yeye sia nɔnɔ me la, Grikitɔ, Yudatɔ, aʋatsotsotɔ alo aʋamatsomatsotɔ, ŋkumaʋamaʋutɔ alo Skitiatɔ, kluvi alo ablɔɖevi megali o, ke boŋ wo katã nye kristotɔ, eye Kristo le wo katã me.
Publicidade