Publicidade

Cânticos 8

Anukwareɖiɖi si anɔ anyi ɖaa

1 Ɖe nànɔ nam abe nɔviŋutsu

si no danye ƒe no la ene!

Ekema ne medo go le kpɔdome la,

magbugbɔ nu na ,

eye ame aɖeke mado vlom o.

2 Makplɔ adzoe, ayi ɖe danye,

ame si fia num la ƒe aƒe me.

Mana wain si me wode atike ʋeʋĩi

kple atɔtɔŋutitsi la nàno.

3 Eƒe miabɔ le nye ta te,

eye wòtsɔ eƒe ɖusibɔ kpla nam.

4 Yerusalem vinyɔnuwo, meta mi:

migaʋuʋu alo mianyɔ lɔlɔ̃ o,

va se ɖe esi eya ŋutɔ nalɔ̃ hafi.

5 Ame kae nye esi gbɔna tso gbegbe,

eye wòziɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃ŋu?

Menyɔ le apluti te;

afi mae dawò fu le,

afi mae ame si le ku lém la dzi ɖo.

6 Lém ɖe dzi kple abɔ ŋuti abe nutrenu ene.

Elabena lɔlɔ̃ sesẽ wu ku,

eye ŋuʋaʋã gbea tanana abe yɔdo ene.

Ebina abe dzo ene,

eye wòflana abe Yehowa ƒe dzo ene.

7 Tsi geɖe mate ŋu atsi lɔlɔ̃ ƒe dzo o,

eye tɔsisi aɖeke mate ŋu akplɔe dzoe o.

Ne ame aɖe atsɔ eƒe aƒemekesinɔnuwo katã

ana ɖe lɔlɔ̃ ta la,

anye alɔmeɖenu wòawɔ.

8 Nɔvinyɔnu ɖetugbivi aɖe le mía si

mekpɔ te no haɖe o.

Nu ka míawɔ na mía nɔvinyɔnu la

gbe si gbe woava bia eta?

9 Nenye glie wònye la,

míatsɔ klosalo atu tsrala ɖe edzi.

Nenye agboe wònye la,

míatsɔ sedaʋuƒowo aklã ɖe eŋuti godoo.

10 Menye gli, eye nye nowo

le abe tsralawo ene.

Ale mele eƒe ŋkume abe

ame si tsɔ dzidzeme la ene.

11 Waingble le Solomo si le Baal Hamon;

eye wòtsɔ agble la de asi na agbledzikpɔlawo,

be wo dometɔ ɖe sia ɖe nana klosalo

kilogram wuiɖekɛ kple afã ɖe waintsetseawo ta.

12 Nye ŋutɔ nye waingble le asinye be matsɔ ana;

O Solomo, klosalo kilogram wuiɖekɛ kple afã la nye tɔwò,

eye kilogram eve kple afã nye agbledzikpɔlawo .

13 ame si le abɔwo me,

eye xɔlɔ̃wo ƒo xlã ,

na mase gbe!

14 Nye lɔlɔ̃,

si va, eye nànɔ abe sãde

alo zivi si le gbe ʋeʋĩwo ƒe towo dzi la ene.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-