5 "Dziehefia akpɔ ŋusẽ ɖe edzi gake eƒe aʋafiawo dometɔ ɖeka akpɔ ŋusẽ wui gɔ̃ hã eye wòaɖu fia ɖe eya ŋutɔ ƒe fiaɖuƒe dzi kple ŋusẽ triakɔ. 6 Le ƒe aɖewo megbe la, woanyi dzo. Dziehefia ƒe vinyɔnu ayi ɖe Anyiehefia gbɔ be yeado ka kplii gake ŋusẽ avɔ le esi eye fia la ŋutɔ kple eƒe ŋusẽ hã nu atso. Le ŋkeke mawo me la, woakplɔ fiavinyɔnu la, eŋumewo, fofoa kple eƒe dzoɖuxɔlɔ̃wo katã ade asi.
Publicidade