9 "Esi menɔ ŋku lém ɖe eŋu la,
"woɖo fiazikpuiwo woƒe nɔƒewo.
Tete Blema Mawu va nɔ eƒe nɔƒe.
Eƒe awu fu tititi abe sno ene
eye eƒe taɖa fu abe ɖetifu ene.
Eƒe fiazikpui nɔ bibim kple dzo.
10 Dzotɔsisi aɖe nɔ sisim le eŋgɔ.
Ame akpe akpewo nɔ esubɔm,
ame akpe ewo teƒe akpe ewo nɔ tsitre ɖe eŋgɔ.
Ʋɔnu la ɖi anyi eye woke agbalẽawo.