Publicidade

Eclesiastes 4

Teteɖeto, agbagbadzedze kple xɔlɔ̃ ƒe ame si manɔmanɔ

1 Emegbe la, melé ŋku ɖe ameteteɖeanyi siwo katã le xexea me la ŋu.

Mekpɔ ame siwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo;

kpeɖeŋutɔ aɖeke meli na wo o,

le esime kpeɖeŋutɔ siwo nye ŋusẽtɔwo la

le ameteɖeanyilawo ƒe akpa dzi.

2 Ale mebu be ame kukuwo

nyo sãa wu agbagbeawo

3 eye ame siwo nye dzɔgbenyuitɔwo wu la,

woawoe nye ame siwo womedzi o

eye womekpɔ ̃ɖivɔ̃ɖi

kple nu ̃ siwo xexea me katã la kpɔ o.

4 Megadze sii be nu si dɔa amewo ɖa be woaku kutri awɔ hena dzidzedzekpɔkpɔ la tso ŋubiabiã ɖe amehavi ŋu gbɔ. Ke esia nye bometsitsi kple dagbadagba ɖe yame ko.

5 Bometsila bla asi ɖe akɔnu

eye wògblẽ eɖokui dome.

6 Nu asiʋlo ɖeka si ŋuti ŋutifafa

le la nyo wu nu asiʋlo eve si ŋuti sreɖidzedze

kple dagbadagba ɖe yame kpe ɖo.

7 Megalé ŋku ɖe movidzɔdzɔ tɔgbi aɖe si le xexea me godoo la ŋu.

8 Nu sia ku ɖe ŋutsu aɖe si si

viŋutsu alo vinyɔnu aɖeke mele o la ŋu,

ke ŋutsu sia wɔa sesĩe matsomatsoe,

eye wòƒoa kesinɔnuwo nu ƒu.

Ame kae wòagblẽ nu siawo katã ɖi na?

Nu ka ta wòle nu gbem le eɖokui gbɔ nenema?

Viɖe aɖeke kura mele eme o.

9 Ame eve ate ŋu awɔ wu ame ɖeka

ƒe dɔwɔwɔ ƒe teƒe eve

elabena woƒe nukpɔkpɔ anyo sãa wu.

10 Ne ɖeka dze anyi la, evelia afɔe,

ke ne amea nye ɖeka eye wòdze anyi la,

egena ɖe fukpekpe me.

11 Hekpe ɖe esia ŋu la,

ame eve siwo tsyɔ kundru ɖeka

le vuvɔŋɔli le me la

kpɔa dzoxɔxɔ tso wo nɔewo gbɔ,

ke aleke ame ɖeka ate ŋu

ade dzo lãme na eɖokui?

12 Gawu la, woate ŋu aɖu ame ɖeka dzi bɔbɔe

gake ame eve ate ŋu anɔ akpa ɖeka eye woaɖu dzi.

Nu si ganyo wu esiae nye, ame etɔ̃ nanɔ akpa ɖeka

elabena ka si wotsɔ ka sue etɔ̃ ̃e la menya lãna bɔbɔe o.

Dzidzedzekpɔkpɔ toflokoe

13 Enyo be ame nanye ɖekakpui nyanu si da ahe wu be wòanye fia tsitsi aɖe si nye bometsila, eye wògbea aɖaŋu ɖe sia ɖe xɔxɔ. 14 Ɖekakpui ma tɔgbi ate ŋu ado go le gaxɔ me eye xexea me adze edzi . Ate ŋu aɖu fia ̃ togbɔ be wodzii ɖe ahedada me . 15 Ame sia ame tsia dzi be yeakpe ɖe ɖekakpui ma tɔgbi ŋu, woadi be yewoakpe ɖe eŋu wòaxɔ fiazikpui la sesẽtɔe ̃ . 16 Ate ŋu azu kplɔla na ame akpe akpewo eye ame sia ame alɔ̃e. Ke ne dzidzime yeye la me viwo va tsi la, woɖenɛ le fiazikpui la dzi! Ale esia ganye bometsitsi kple dagbadagba ɖe yame ko.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-