Pular para o conteúdo
Publicidade

Nyagblɔla 8

1 Ame kae le abe nunyala ene?

Ame ka ate ŋu aɖe nuwo gɔme?

Nunya nana ame ƒe mo klẽna

eye wòtrɔa eƒe dzedzeme kplala la.

Ɖo to fia la

2 Mebe nàɖo to fia la, elabena èka atam aɖe le Mawu ŋkume 3 Mèganɔ kplakplakpla dzi be yeadzo le fia la ŋkume o. Mègade nya madzɔmadzɔ dzi o, elabena awɔ nu sia nu si adze eŋu. 4 Ŋusẽ aɖe da megbe na fia ƒe sededewo, eye ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe eŋu alo aɖe ɖeklemi le eŋu o.

5 Womehea to na ame siwo wɔa eƒe sewo dzi la o.

Nunyalawo adi ɣeyiɣi kple mɔnukpɔkpɔ awɔ fia ƒe sewo dzi.

6 Togbɔ be ame ƒe nukpekeamewo ate ɖe edzi vevie la,

ɣeyiɣi kple mɔnu nyuitɔ li na nudzɔɖeamedzi.

7 Esi ame aɖeke menya etsɔ me o ta la,

ame ka ate ŋu agblɔ nya si ava dzɔ la ?

8 Ame aɖeke mate ŋu asi le ku nu o

eye ŋusẽ mele ame aɖeke ŋu be wòaxe na eƒe kugbe ƒe ɖoɖo o,

elabena ame aɖeke meli si ŋgɔ ku mele o.

Eme ƒãa be amegbetɔ ƒe ̃ɖivɔ̃ɖi mate ŋu

akpe ɖe eŋu le ɣeyiɣi ma me o.

9 Mekpɔ nu siawo katã esi mebu nu sia nu si wowɔna le ɣea te la ŋu. Ɣe aɖe ɣi li esi ame aɖu amegã ɖe ame bubuwo dzi, eye wòtoa esia me wɔa nuvevi eɖokui. 10 Hekpe ɖe esia ŋu la, mekpɔ woɖi ame ̃ɖiwo, ame siwo vaa teƒe kɔkɔe la, doa go, eye wokafua wo le du si me wowɔ esia le. Gɔmesese aɖeke mele nu sia ŋu o.

11 Le esi Mawu mehea to na nu ̃ wɔlawo o ta la, amewo buna be ne yewowɔ nu ̃ la, yewole dedie. 12 Ke ne ame aɖe nu ̃ zi alafa ɖeka eye wòganɔa agbe kokoko la, nenyae nyuie be ame siwo ̃a Mawu la anyo wu godoo. 13 Ke nuvɔ̃wɔlawo manɔ agbe didi vivi o; woƒe ŋkekewo nu ava yi kaba abe vɔvɔli ene, elabena womevɔ̃a Mawu o.

14 Nu trama aɖe le dzɔdzɔm le anyigba la dzi, edzena abe ɖe Mawu nana dzɔgbevɔ̃e dzɔna ɖe ame nyui aɖewo dzi abe ame ̃ɖiwoe wonye ene, eye wònana dzɔgbenyui ame ̃ɖi aɖewo abe ame nyuiwo wonye ene. Esiawo katã nye tofloko ko! 15 Ale meɖo ta me be maɖu agbe le nye ŋkekewo katã me elabena mekpɔ be naneke menyo le xexe blibo la me wu be ame naɖu nu, ano nu, akpɔ dzidzɔ o eye amea nakpɔ be yeanɔ dzidzɔkpɔkpɔ sia dzi le sesẽ siwo katã Mawu ɖo na amewo katã le afi sia afi la wɔwɔ me.

16 Esi mebu ta me be manya nu eye malé ŋku ɖe amegbetɔ ƒe dɔwɔwɔ le anyigba dzi, esi medɔa alɔ̃ le ŋkeke me loo alo le me o ŋuti la, 17 tete mekpɔ nu siwo katã Mawu . Ame aɖeke mate ŋu ase nu siwo yia edzi le ɣe la te gɔme o. Togbɔ be edze agbagba be yeaku nuwo gɔme la, amegbetɔ mate ŋu ake ɖe woƒe gɔmesese ŋu o. Ne nunyala aɖe atɔ asi akɔ be yenya nu la, mate ŋu ase egɔme wòade o.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também