2 Nu ɖeka ma koe li na ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo, ame nyuiwo kple ame baɖawo, ame dzadzɛwo kple ame ƒoɖiwo, ame siwo saa vɔ kple ame siwo mesaa vɔ o.
Ale si wòle na ame nyui la,
nenema kee wòle na nu vɔ̃ wɔla hã.
Ale si wòle na ame siwo kaa atam la,
nenema kee wòle na ame siwo vɔ̃a atamkaka.