Pular para o conteúdo
Publicidade

Efésios 5

22 Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo abe ale si miebɔbɔ mia ɖokuiwo na Aƒetɔ la ene. 23 Elabena ŋutsue nye ta na srɔ̃a, eye wòtsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe hame la ta abe ale si Kristo nye ta na hame si nye eƒe ŋutilã la ene be yeanye eƒe Ɖela. 24 Azɔ abe ale si hame la bɔbɔ eɖokui na Kristo ene la, nenema ke nyɔnuwo nabɔbɔ wo ɖokuiwo na wo srɔ̃wo le nu sia nu me.

25 Srɔ̃ŋutsuwo, milɔ̃ mia srɔ̃wo abe ale si Kristo ̃ hame la, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe eta, 26 be yeawɔe wòanɔ kɔkɔe to eŋutikɔklɔ kple tsi to nya la me, 27 ale be yeate ŋu axɔe na ye ɖokui abe ŋutikɔkɔe hame si dza, eye ɖiƒoƒo kple kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele eŋu o la ene, ke boŋ be wòanɔ kɔkɔe, eye fɔɖiɖi aɖeke maganɔ eŋuti o. 28 Nenema ke wòle be ŋutsuwo nalɔ̃ wo srɔ̃wo abe woawo ŋutɔ ɖokuiwo ene. Ame si ̃a srɔ̃a la, ̃a eɖokui. 29 Elabena ame aɖeke melé fu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòléa be abe ale si Kristo wɔna na hame la ene, 30 elabena eƒe ŋutilã ƒe ŋutinuwo míenye.

31 "Ɖe susu sia ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòawɔ ɖeka kple srɔ̃a, eye wo ame eve la, woazu ŋutilã ɖeka." 32 Esia nye nukunu aɖe, gake mele nu ƒom tso Kristo kple hame la ŋuti.

33 Ke la, ele be ŋutsu ɖe sia ɖe nalɔ̃ srɔ̃a abe eya ŋutɔ ɖokui ene, eye srɔ̃nyɔnu nade bubu srɔ̃a ŋuti.

Veja também