Publicidade

Efésios 6

Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la

10 Mlɔeba la, misẽ ŋu le Aƒetɔ la me kple Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ triakɔ si le mia me la. 11 Mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã be miate ŋu anɔ te ɖe Abosam ƒe ɖoɖowo kple ayemenu siwo wòɖo ɖe mia ŋuti la nu. 12 Elabena míele aʋa wɔm kple ŋutilã kple ʋu o, ke boŋ kple dziɖulawo, ŋusẽtɔwo, xexe sia me vivitimeŋusẽwo kpakple gbɔgbɔmeŋusẽ ̃ɖi siwo le dziƒonutowo me.

13 Eya ta mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã be ne ŋkeke ̃ la ɖo la, miate ŋu anɔ te ɖe futɔ la nu, eye ne miewɔ aʋa la la, miaganɔ te sesĩe.

14 Minɔ te sesĩe, mitsɔ nyateƒe la bla ali dzi, eye miatsɔ dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtablanu la atsyɔ akɔta, 15 eye mido afɔkpa siwo ana mianɔ klalo na gbeƒãɖeɖe ŋutifafanyanyui la. 16 Kpe ɖe esiawo katã ŋu la, milé xɔse ƒe akpoxɔnu la ɖe asi, elabena eyae miatsɔ atsi ̃ɖitɔ la ƒe aŋutrɔ siwo le abe dzo ƒe aɖewo ene lae. 17 Mitsɔ xɔxɔkpɔkpɔ ɖɔ abe gakuku ene, eye milé Gbɔgbɔ la ƒe yi si nye Mawu ƒe nya la ɖe asi.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-