Pular para o conteúdo
Publicidade

Ester 5

Ester ƒo koko na Fia la

1 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Ester do eƒe fiawu, eye wòyi fiasã la ƒe xɔxɔnu emetɔ me le afi si amewo ƒoa ƒu ɖo le fiasã la me la ŋgɔ. Fia la eƒe fiazikpui dzi le afi ma hedze ŋgɔ mɔa nu. 2 Esi wòkpɔ Fianyɔnu Ester wòtsi tsitre ɖe afi ma la, edo dzaa , eye wòtsɔ sikafiatikplɔ si wolé ɖe asi la do ɖee. Ale Ester te ɖe eŋu, eye wòlé fiatikplɔ la tame.

3 Fia la biae be, "Nu kae nye didi, Fianyɔnu Ester? Nu ka nàbia? Nu sia nu si nàbia la, mana , ne èbia nye fiaɖuƒe la ƒe afã ̃ , matsɔe na !"

4 Ester ɖo eŋu be, "Ne edze ŋuwò la, medi be kple Haman miava kplɔ̃ si meɖo na egbe la ŋu."

5 Fia la gblɔ na eƒe subɔlawo be, "Miyi miagblɔ na Haman be wòaɖe abla ava, ale be miawɔ ɖe Ester ƒe didi dzi."

Ale fia la kple Haman woyi kplɔ̃ si Ester ɖo la ŋu.

6 Esi wonɔ wain nom la, fia la gblɔ na Ester be, "Gblɔ nu si tututu nèhiã la nam azɔ, eye matsɔe na , ne èbia nye fiaɖuƒe la ƒe afã ̃ , matsɔe na !"

7 Ester ɖo eŋu be, "Esiae nye nye biabia kple kukuɖeɖe. 8 Nenye be fia la nyo me nam, eye nenye be edze fia la ŋu be wòawɔ ɖe nye didi kple biabia dzi la, ekema fia la kple Haman negava ɖu nu le kplɔ̃ si maɖo na etsɔ la ŋu. Ekema maɖo fia la ƒe biabia ŋu ."

Haman do dɔmedzoe ɖe Mordekai ŋu

9 Esi wokaka le kplɔ̃a ŋu la, Haman dzo kple dzidzɔ aɖe. Esi wòkpɔ Mordekai le agboa nu, eye Mordekai metsi tsitre alo dzo nyanyanya le eŋkume o la, edo dɔmedzoe ŋutɔ. 10 Ke eɖu eɖokui dzi, yi aƒe me, eye wòyɔ exɔlɔ̃wo kple srɔ̃a Zeres. 11 Eƒo adegbe le eƒe gakpɔkpɔ vivivo, viŋutsuwo ƒe agbɔsɔsɔ, ale si fia la doe ɖe dzii kple ale si wòzu ame gãtɔ si kplɔ fia la ɖo le fiaɖuƒe la me la ŋu. 12 Eyi edzi be, "Ɛ̃, menye ema koe o; Fianyɔnu Ester kpe nye kple fia la ɖeɖe ko ɖe kplɔ̃ si wòɖo na la ŋu. Gawu la, egakpe na etsɔ ! 13 Ke esiawo katã maɖi ƒo nam o, zi ale si Mordekai, Yudatɔ ma anyi ɖe fia la ƒe agbo nu mele kpɔkpɔm."

14 Zeres, Haman srɔ̃ kple Haman xɔlɔ̃wo katã gblɔ be, "Enyo; tu kadeveti aɖe wòakɔ mita blaeve-vɔ-etɔ̃. Ne ŋu ke la, nàbia fia la be wòana nade ka ve na Mordekai ɖe kadeveti la ŋu. Ne èwɔ esia la, ekema àte ŋu agayi kplɔ̃ la ŋu kple fia la kple dzidzɔ." Aɖaŋu sia dze Haman ŋu ŋutɔ, eya ta wòna wotu kadeveti la.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também