Publicidade

Filipenses 2

Midze Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu yome

1 Azɔ ne nuxɔxlɔ̃ aɖe li le Kristo me, ne lɔlɔ̃ ƒe dzideƒonya aɖe li, ne gbɔgbɔ ƒe hadede aɖe li, ne dɔmetɔtrɔ aɖe kple nublanuikpɔkpɔ aɖe li la, 2 ekema mina makpɔ dzidzɔ vavãtɔ to miaƒe taɖodzinu ɖeka kple mia nɔewo lɔlɔ̃ me; eye mitsɔ gbɔgbɔ ɖeka kple susu ɖeka dɔe aduadu.

3 Miganye ɖokuitɔdilawo o; migawɔ nu be miadze ame bubuwo ŋu o. Mibɔbɔ mia ɖokuiwo, eye mibu ame bubuwo be wonyo wu mi. 4 Tɔnye ko nenyo meganɔ mia me o; ke boŋ mibu ame bubuwo ŋuti, eye miatsɔ ɖe le nu si wɔm wole la me.

5 Mina susu ma ke si Kristo Yesu me la nanɔ miawo mia me.

6 Ame si, esi wònye be Mawu ƒe nɔnɔme mee wònɔ la,

mebui be yesɔ kple Mawu o,

7 ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui hetsɔ dɔla ƒe nɔnɔme do,

eye wòva le ame ƒe nɔnɔme me.

8 Esi wònɔ ame ƒe nɔnɔme me la,

ebɔbɔ eɖokui,

ɖo to yi ɖase ku me,

yi ɖase atitsogaŋutiku me ke!

9 Eya ta Mawu doe ɖe dzi yi ɖase teƒe kɔkɔtɔ kekeake,

eye wòtsɔ ŋkɔ si ƒo ŋkɔwo katã ta la .

10 Be le Yesu ƒe ŋkɔ me, ame sia ame,

adze klo le dziƒo kple anyigba dzi kple anyigba te,

11 eye aɖe sia aɖe aʋu eme be Yesu Kristoe nye Aƒetɔ,

hena Mawu Fofo la ƒe ŋutikɔkɔe.

Ɣletivi keklẽwo

12 Esia ta ̃nye lɔlɔ̃awo, abe ale si mienye sedziwɔlawo ene, esi menɔ mia gbɔ la, ele be miagalé seawo dzi wɔwɔ me ɖe asi sesĩe wu, esi nyemegale mia gbɔ o. Miwɔ miaƒe xɔxɔkpɔkpɔ ŋu le vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya me, 13 elabena Mawue le wɔm le mia me. Eyae kpena ɖe mia ŋu be miaɖo toe, eye miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.

14 Miwɔ nu sia nu liʋĩliʋĩlilĩ kple nyahehe manɔmee, 15 ale be miazu mokakamanɔŋutɔwo kple ame dzadzɛwo. Minɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o, abe Mawu ƒe vi siwo le xexe si me do viviti tsiɖitsiɖi heyɔ fũu kple ame mawɔnuteƒewo kple kɔlialiatɔwo la ene. Miklẽ le wo dome abe ɣletiviwo ene, 16 eye migblɔ Agbenya la na wo, be mate ŋu aƒo adegbe le Kristo ƒe vavagbe be nyemewɔ vlo o.

Ekema nenye be Kristo gava la, makpɔ dzidzɔ aɖe be nyemewɔ si meɖe vi aɖeke o. 17 Eye nenye be wokɔ nye ʋu ɖi abe nunonovɔsa ene na Mawu ɖe miaƒe xɔse ta la, anye dzidzɔ nam, eye makpɔ dzidzɔ kpli mi. 18 Eya ta miawo , mikpɔ dzidzɔ kplim.

Timoteo kple Epafrodito

19 Mele kpɔm be ne Aƒetɔ Yesu ̃ la, maɖo Timoteo ɖa be wòava kpɔ mi ɖa kpuie. Ekema ne etrɔ gbɔ la, nu siwo wòava gblɔ nam tso nu siwo katã wɔm miele kple ale si miele dɔa dzii ŋu la, ana dzi nagaɖo ƒonye. 20 Ame aɖeke megali si tsɔ ɖe le miaƒe nya me le nyateƒe me wu Timoteo o. 21 Edze abe ɖe bubuawo katã tsi dzi ɖe woawo ŋutɔ ƒe ɖoɖowo ŋuti, eye menye ɖe Yesu Kristo tɔwo ŋu o ene. 22 Ke mienya Timoteo nyuie. Ɖe wòle nam abe vi ene, eye wòwɔa kplim le nyanyui la gbɔgblɔ me. 23 Mele kpɔm be maɖoe ɖe mi kpuie; mekpɔ nu siwo le dzɔdzɔm ɖe dzinye la gbɔ . 24 Eye mele dzi ɖom ɖe Aƒetɔ la ŋu be ana be nye ŋutɔ mava kpɔ mi ɖa kpuie.

25 Le ɣeyiɣi sia me la, mebui be enyo be magbugbɔ nɔvinye Epafrodito aɖo ɖe mi. Ezu nɔvinye, nye dɔwɔhati, asrafo, ame si nye miaƒe dɔla si mieɖo ɖa be wòana kpekpeɖeŋum le nye hiahiãwo me la. 26 Azɔ la, megbugbɔe le ɖoɖom ɖe mi, elabena ele mia susum, eye esi miese be edze la, ele nu xam. 27 Le nyateƒe me la, edze , eye wòku kloe, gake Mawu kpɔ nublanui na nye kplii siaa, be metsɔ eƒe ku ƒe nuxaxa tsɔ kpe esiwo le dzinye xoxo la o.

28 Eya ta metsi dzi vevie be maɖoe ɖe mi, eye ne miegakpɔe la, miakpɔ dzidzɔ, eye esia aɖe nye nuxaxawo dzi kpɔtɔ. 29 Mido dzaa le Aƒetɔ la me kple dzidzɔ aɖe eye miɖe miaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fiae, 30 elabena eƒe agbe ɖo xaxa aɖe me ɖe Kristo ƒe la ta, eye wòku kloe le esime wònɔ agbagba dzem be yeawɔ nu siwo miete ŋu nam o la, ɖe ale si miele adzɔge le gbɔnye ta.

Veja também

Filipenses
Ver todos os capítulos de Filipenses
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-