Dzesiɖoƒe la yometiti
12 Menye ɖe mele gbɔgblɔm be nye asi su nu siawo katã dzi xoxo alo wowɔm mede blibo xoxo o, ke boŋ mele ŋusẽ dom nu be nye asi nasu nu si ta Kristo Yesu hã ƒe asi su dzinye ɖo la dzi. 13 Nɔvi lɔlɔ̃awo, nyemebu ɖokuinye be nye asi su edzi o. Ke nu ɖeka si mewɔna lae nye be meŋlɔa nu siwo le megbenye la be, eye mewɔa nye ŋutete ŋuti dɔ be maɖo nu si le ŋgɔnye la gbɔ. 14 Mele dzesiɖoƒe la minyam vevie be maxɔ dziɖuɖudzesi si ta Mawu yɔm le Kristo Yesu me ɖo la be manyi agbe mavɔ ƒe dome.
15 Aleae wòle be mí ame siwo tsi le xɔsea me la, míakpɔ nu siawoe. Ke ne miaƒe susu to vovo le nu siawo dometɔ aɖe ŋu la, Mawu aɖe eya hã afia mi.