Nyanyui bubu aɖeke megali o
6 Ewɔ nuku nam ŋutɔ be miele mia ɖokuiwo hem ɖa kaba alea tso Mawu, ame si yɔ mi be miakpɔ gome le agbe mavɔ si wòna to Kristo ƒe amenuveve me la gbɔ. Miedze nyanyui bubu aɖe yome, 7 evɔ la, nyanyui bubu aɖeke megali wu esi míefia mi o. Ame siwo dzea ŋe Kristo ƒe nyateƒe la, eye wotrɔnɛ la le mia flum.
8 Nenye míawo alo mawudɔla aɖe tso dziƒo gɔ̃ hã va gblɔ nyanyui bubu aɖe si to vovo tso esi míegblɔ na mi gbɔ la, Mawu ƒe fiƒode neva amea dzi. 9 Abe ale si míegblɔe va yi ene la, megale egblɔm be: ne ame aɖe gblɔ nyanyui bubu aɖe wu esi miexɔ la, Mawu ƒe fiƒode neva ame ma dzi.