Paulo tsi tsitre ɖe Petro ŋu
11 Ke esi Kefa va Antioxia la, metsi tsitre ɖe eŋu, elabena wotso enu. 12 Elabena hafi ŋutsu aɖewo natso Yakobo gbɔ ava la, enɔa nu ɖum kple ame siwo menye Yudatɔwo o la. Gake esi wova ɖo la, ehe ɖe megbe, eye wòɖe eɖokui ɖe aga tso ame siwo menye Yudatɔwo o la ŋu, elabena enɔ vɔvɔ̃m na ame siwo nye aʋatsotsotɔwo. 13 Yudatɔ bubuawo hã dze eƒe alakpanuwɔwɔ yome, eye woƒe alakpanuwɔwɔ na be Barnabas gɔ̃ hã tra mɔ.
14 Esi mede dzesii be woƒe agbenɔnɔ mesɔ ɖe nyanyui la ƒe nyateƒe la nu o la, meka mo na Kefa le wo katã ƒe ŋkume be, "Yudatɔ nènye, gake èle agbe nɔm abe ame si menye Yudatɔwo o la ene. Nu ka ta nèzi ame siwo menye Yudatɔwo o la dzi be woawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi ɖo?