3 Ke vɔsa mawo ɖoa ŋku nu vɔ̃ dzi na ameawo ƒe sia ƒe, 4 elabena mele bɔbɔe be nyitsuwo kple gbɔ̃wo ƒe ʋu naɖe nu vɔ̃ ɖa o.
5 Eya ta esi Kristo va xexea me la, egblɔ be:
"Mèdi vɔsa kple numemewo o,
ke boŋ ŋutilã si nèdzra ɖo ɖi nam;
6 eye numevɔsa kple nu vɔ̃ vɔsawo hã medzea ŋuwò o.
7 Tete megblɔ be, ‘Nyee nye esi,
woŋlɔ nu tso ŋutinye le lãgbalẽ me be,
o Mawu, meva be mawɔ wò lɔlɔ̃nu.’ "
8 Gbã la, egblɔ be, "Vɔsawo, numemewo kple numevɔsawo kple nu vɔ̃ vɔsawo la, mèdi wo o, eye womedzea ŋuwò hã o." Togbɔ be se la bia be woawɔ wo hã. 9 Tete wògblɔ be, "Nyee nye esi, meva be mawɔ wò lɔlɔ̃nu." Ale wòɖe se gbãtɔ la ɖa be wòaɖo evelia anyi. 10 Eye to Mawu ƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ me wowɔ mí kɔkɔe to Yesu Kristo ƒe ŋutilã si wòtsɔ sa vɔe hena ɣeyiɣiwo katã la me.