Pular para o conteúdo
Publicidade

Hebritɔwo 6

1 Eya ta mina míaɖe asi le gɔmedzenuwo fiafia tso Kristo ŋuti ŋu, eye míaɖe ayi ɖe tsitsi ɖe edzi me. Migana míagbugbɔ gɔmeɖokpe aɖo na dzimetɔtrɔ tso nu siwo kplɔa ame yia ku me alo míagbugbɔ gɔmeɖokpe aɖo na xɔse le Mawu me, 2 nufiafia tso mawutsideta ŋu, asidada ɖe ame dzi, ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kple ʋɔnudɔdrɔ̃ mavɔ ŋuti o. 3 Esia míawɔ ne Mawu ̃.

4 Ke ame siwo dze anyi la, aleke woawɔ agbugbɔ wo va dzimetɔtrɔ me? Wonye ame siwo Mawu ƒe kekeli me kpɔ. Woɖɔ dziƒo ƒe nunana kpɔ, eye wokpɔ gome le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me, 5 ame siawo ɖɔ Mawu ƒe nya la ƒe nyonyo kple ŋusẽ siwo le xexe si gbɔna la me kpɔ. 6 Ke wode megbe! Be woagbugbɔ wo ava dzimetɔtrɔ mee la nye nu sesẽ, elabena to woƒe megbedede me, wogbugbɔ Mawu ƒe Vi la gale kaklãm ɖe ati ŋuti, eye wole ŋukpe domii le gaglãgbe.

7 Anyigba si noa tsi si dzana ɖe edzi zi geɖe, eye wòwɔa nuku nyuie na agbledela siwo ŋlɔa anyigba la xɔa yayra tso Mawu gbɔ. 8 Ke ne anyigba la mie ŋuwo kple aŋɔkawo la, meganyo na naneke o, eye ŋɔdzi li be ele fiƒode te. Mlɔeba la, woatɔ dzoe.

9 Nɔvi lɔlɔ̃awo, togbɔ be míele nu ƒom alea la, kakaɖedzi le mía si be nya siawo meku ɖe mia ŋu o. Ke boŋ miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ le ku nyuiwo tsem le miaƒe agbe me. 10 Mawu menye nuteƒemawɔla o, eya ta maŋlɔ nyui si míewɔ kple lɔlɔ̃ si míeɖe fiae be míekpe ɖe eƒe ame kɔkɔewo ŋu eye míegale nu siawo wɔm fifia la be gbeɖe o. 11 Enye míaƒe didi be mia dometɔ ɖe sia ɖe nalé nu siawo wɔwɔ me ɖe asi va se ɖe nuwuwu kple ŋkubiã, ale be miaƒe mɔkpɔkpɔ nade blibo. 12 Míedi be ame aɖeke nazu kuviatɔ o, ke boŋ ame sia ame nasrɔ̃ ame siwo to xɔse kple dzigbɔɖi me nyi nu si ŋugbe wodo na wo la ƒe dome ƒe kpɔɖeŋu.

13 Esi Mawu do ŋugbe na Abraham, eye ame aɖeke meli lolo wui wòayɔ aka atam o ta la, eta eya ŋutɔ ɖokui, 14 hegblɔ be, "Mayra godoo, eye mana dzidzimevi geɖewo ." 15 Ale, esime Abraham gbɔ dzi ɖi blewuu la, ŋugbedodo sia va eme pɛpɛpɛ.

16 Ne ame aɖe be yeaka atam la, eyɔa ame bubu si ƒe ŋkɔ kple ŋusẽ wu eya ŋutɔ la ka atam lae heɖoa kpe nya si wògblɔ la dzi, eye wòtsia nyaʋiʋli ɖe sia ɖe nu. 17 Esi wònye be Mawu di be yeana eme nakɔ nyuie na ŋugbedodo ƒe domenyilawo be nu si ƒe ŋugbe yedo matrɔ o ta la, eka atam tsɔ ɖo kpe eƒe ŋugbedodo la dzi. 18 Mawu esia, ale be to nu eve siwo metrɔna o, esiwo me Mawu mate ŋu aka aʋatso le gbeɖe o la dzi, ame siwo si yi ɖaku ɖe mɔkpɔkpɔ si wona la ŋu la nakpɔ dzideƒo aɖe. 19 Mɔkpɔkpɔ sia le mia si abe luʋɔ ƒe seke sesẽ si maʋã akpɔ o la ene. Etea ŋu gena ɖe kɔkɔeƒe le xɔmetsovɔ la godo, 20 afi si Yesu ame si do ŋgɔ na la ge ɖo ɖe mía nu. Eya va zu nunɔlagã abe Melkizedek ene tegbee.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também