Nuxɔxlɔ̃ ɖe dzimaxɔse ŋuti
7 Eya ta abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe ene be,
"Egbe ne miese eƒe gbe la,
8 migasẽ miaƒe dziwo me
abe ale si miewɔ le miaƒe aglãdzedze me,
le ɣeyiɣi si me mieto dodokpɔ me le gbedadaƒo la ene o.
12 Nɔvinyewo, mikpɔ egbɔ be dzi si me nu vɔ̃ le kple dzi maxɔse si trɔna le Mawu gbagbe la yome la naganɔ mia dometɔ aɖeke si o. 13 Ke mide dzi ƒo na mia nɔewo gbe sia gbe, zi ale si ɣeyiɣi li, ale be mia dometɔ aɖeke ƒe dzi maku atri to nu vɔ̃ ƒe beble me o. 15 Abe ale si mawunya gblɔe do ŋgɔ fifia ene be,
"Egbe ne miese eƒe gbe la,
migasẽ miaƒe dziwo me abe ale si
miewɔ le miaƒe aglãdzedze la me ene o."