Yesu, míaƒe Osɔfogã si ƒo anyigbadzitɔwo katã ta
14 Eya ta esi nunɔlagã, Mawu Vi Yesu le mía si, ame si yi dziƒo ta la, mina míalé xɔse si me míeʋu la me ɖe asi sesĩe. 15 Elabena menye nunɔlagã si mate ŋu ase veve kpli mí le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me lae le mía si o, ke boŋ nunɔlagã si le mía si la, wotee kpɔ le mɔ sia mɔ nu abe míawo ke ene, ɖekoe nu vɔ̃ mele eya ŋu o.