Publicidade

Hebreus 5

1 Wotiaa nunɔlagã ɖe sia ɖe tso amegbetɔwo dome, eye wodea asi be wòanɔ ŋgɔ na yewo le mawusubɔsubɔ ƒe nyawo me, eye wòatsɔ nunanawo kple nu ̃ ŋuti vɔsawo aɖo Mawu ŋkume. 2 Nunɔlagã sia tea ŋu gbɔa dzi ɖi na numanyala siwo le tram la esi eya ŋutɔ nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ le geɖewo nu. 3 Esia tae wòle be wòasa ɖe eya ŋutɔ ƒe nu ̃ kple ame bubuwo ƒe nu ̃wo ta.

4 Ame aɖeke metsɔa bubu sia dea eɖokui ŋuti o; ele be Mawu nayɔe abe ale si wòyɔ Aron ene. 5 Eya ta Kristo metsɔ nunɔlagã ƒe ŋutikɔkɔe da ɖe eɖokui dzi o ke boŋ Mawu gblɔ be,

"Wòe nye vinye ŋutsu,

egbe mezu fofowò."

6 Egagblɔ le teƒe bubu be,

"Enye nunɔla tegbetegbe,

eye ɖoƒe kple Melkizedek ."

7 Esi Yesu agbe le anyigba dzi la, ewɔ gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo kple ɣli kple aɖatsi na eya ame si si ŋusẽ le be wòaɖee tso ku me, eye wòɖo toe le eƒe bubu kple ɖokuibɔbɔ ta. 8 Togbɔ be eyae nye Mawu vi la, esrɔ̃ ɖokuibɔbɔ le fukpekpe siwo me wòto, 9 eye esi wowɔe blibo la, eva zu ɖeɖe mavɔ kpɔtsoƒe na ame siwo katã ɖoa toe. 10 Eye Mawu ɖoe be wòanye nunɔlagã abe Melkizedek ene.

Nuxɔxlɔ̃ amewo le megbedede ŋuti

11 Nya geɖewo li si wòle be míagblɔ le nu sia ŋu, gake esi mietea ŋu sea nu gɔme kabakaba o ta la, esesẽna be míaɖe nya siawo me na mi. 12 Le nyateƒe me la, togbɔ be fifia ele be mianye nufialawo la, miegahiã ame aɖe kokoko be wòagagbugbɔ afia gɔmedzenuwo mi tso Mawu ƒe nya ƒe nyateƒewo ŋu. Miehiã notsi, ke menye nuɖuɖu sesẽ o! 13 Ame sia ame si ganoa notsi esi wònye ɖevi ko ta la, mate ŋu ase nufiafia tso dzɔdzɔenyenye ŋuti gɔme o. 14 Ke nuɖuɖu sesẽ nye ame tsitsiwo , ame siwo to eŋudɔwɔwɔ atraɖii me he wo ɖokuiwo be woate ŋu ade vovototo nyui kple ̃ dome.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-