Pular para o conteúdo
Publicidade

Hebritɔwo 7:1-3

Osɔfogã Melkizedek

1 Melkizedek sia nye Salem fia kple nunɔlagã na Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la. Esi Abraham trɔ tso aʋagbedzi, afi si wòɖu fia geɖewo dzi le gbɔna la, Melkizedek va kpee, eye wòyrae. 2 Le esia megbe la, Abraham tsɔ nu siwo katã wòtsɔ tso aʋagbedzi gbɔe la ƒe ewolia nɛ. Melkizedek ƒe ŋkɔa gɔmee nye "Dzɔdzɔenyenye ƒe fia." Eye eya kee nye Ŋutifafafia, elabena du si me wònye fia lee nye Salem si gɔmee nye "Ŋutifafa." 3 Fofo kple dada mele Melkizedek si o, eye nuŋlɔɖi aɖeke meli tso tɔgbuiawo ŋuti o. Dzigbe alo kugbe meli nɛ o, ale eƒe agbe ɖeko wòle abe Mawu Vi la tɔ ene, ame si nye nunɔla tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.