Pular para o conteúdo
Publicidade

Habacuque 2

Aƒetɔ la ƒe ŋuɖoɖo

1 Manɔ nye gbetakpɔƒe tame, eye matsi tsitre ɖe nye xɔta;

mada ŋku ɖi akpɔ nu si wòagblɔ atsɔ aɖo nye biabia ŋui.

Yehowa ƒe ŋuɖoɖo

2 Yehowa ɖo eŋu nam be:

"Ŋlɔ ɖeɖefia la da ɖi.

Ŋlɔe ɖe nuŋlɔkpe dzi eme nakɔ

ale be woate ŋu axlẽe bɔbɔe.

3 Elabena azãgbe li na ɖeɖefia la

elabena eƒo nu tso nuwuwu si

le vava ge la ŋuti eye mada le edzi o;

ke ne ehe ɖe megbe la,

lalae elabena ava eme godoo,

mada le edzi o.

4 "Nye nàkpɔ dadala la ɖa;

nu dzɔdzɔe wɔwɔ aɖeke mele eya amea me o;

ke ame dzɔdzɔe anɔ agbe to eƒe xɔse me.

5 Gawu la, wain ɖe hae,

edoa eɖokui ɖe dzi eye medzea anyi o.

Elabena ele abe yɔdo si nu meɖia na o ene

eye wògale abe ku si nu meɖia ƒo na o ene.

Eƒo dukɔwo katã nu ƒu na eɖokui

eye wòdo kluvi amewo katã.

6 "Ɖe amewo katã maɖia wo nu, aɖe alɔme le wo ŋu, ako wo ahagblɔ be:

" Baba na ame si li nu siwo wofi ɖi

eye wòwɔ eɖokui kesinɔtɔe to amebaba me.

Ɣe ka ɣie nu siawo ayi edzi ase ɖo?

7 Ɖe fetɔwo matso ɖe ŋuwò kpata,

ɖe womanyɔ ado ŋɔdzi na oa?

Ekema àva zu woƒe nuhaha.

8 Esi mieha dukɔ geɖewo ta la

ame siwo susɔ la aha miawo

elabena miekɔ ʋu ɖi eye mietstrɔ̃ anyigbawo,

duwo kple ame siwo le wo me.

9 "Baba na ame si tu to amebaba me,

ne yeawɔ nɔƒe ɖe dziƒo ke be yeasi le gbegblẽ nu.

10 Ame geɖewo ƒe tsɔtsrɔ̃ tso mia gbɔ

eya ta miedo ŋukpe miawo ŋutɔ

ƒe aƒe, miebu miawo ŋutɔ ƒe agbe.

11 Kpe siwo wotsɔ tu miaƒe xɔwoe ̃ ado ɣli ɖe mia ta

eye ati siwo wotsɔ dzisasãwo la

aɖe gbeƒã nya siwo kpeawo gblɔ.

12 "Baba na mi, mi ame siwo wu amewo

eye miexɔ ga le amewo si tsɔ tso hlɔ̃dodui.

13 Ɖe Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la

meɖoe be amewo ƒe agbagbadzedzewo katã nabi

le dzo me eye dukɔwo naka hiã wo ɖokui dzodzro oa?

14 Ke anyigba dzi ayɔ fũu kple sidzedze Yehowa

ƒe ŋutikɔkɔe abe ale si tsi atsiaƒu mee ene.

15 "Baba na ame si na aha ehavi wòno

eye wòku wain na ehavi wòno va se ɖe esime

wòmu be yeakpɔ eƒe amame.

16 Azɔ eɖo dziwò.

Noe nàɖe amama eye ŋukpe nava dziwò le ŋutikɔkɔeteƒe.

Kplu si Yehowa ɖe eƒe nuɖusime la gbɔna gbɔwò

eye ŋukpe atsyɔ ŋutikɔkɔe dzi.

17 Nu vlo si nèwɔ Lebanon la ava ƒo ɖe dziwò.

siwo katã nètsrɔ̃ la ado ŋɔdzi na

elabena èkɔ ʋu ɖi eye nètsrɔ̃ anyigba

kple duwo kple wo me nɔlawo katã.

18 "Viɖe kae le legba si ame li la ŋuti

alo aklamakpakpɛ si daa alakpa la ŋuti?

Ame si wɔe la tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe nu si eya ŋutɔ la dzi

elabena ewɔ legba siwo mate ŋu aƒo nu o.

19 Baba na ame si gblɔ na atikpakpɛ be, Gbɔ agbe!

Alo na kpe si me agbe mele o be, Nyɔ!

Ɖe wòate ŋu afia amea?

Wotsɔ sika kple klosalo ɖo atsyɔ̃

gake agbegbɔgbɔ mele eme o."

20 Ke Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me,

xexea me katã nazi ɖoɖoe le eŋkume.

Veja também

Habacuque
Ver todos os capítulos de Habacuque