Pular para o conteúdo
Publicidade

Habakuk 1

1 Esiae nye gbedeasi si va na Nyagblɔɖila Habakuk.

Habakuk ƒe nyatsɔɖeameŋu

2 O Yehowa, zi nenie mado ɣli ayɔ hafi nàxɔ nam?

Medo ɣli ʋuu gake ŋuɖoɖo aɖeke meva o.

Nu ka ta medo ɣli be:

"Ŋutasesẽ le edzi yim"

gake mèɖo xɔname ɖa o.

3 Nu ka ta nèna mele nu vlo wɔwɔ teƒe kpɔm?

Nu ka nèɖe na nu gbegblẽ wɔwɔ?

Elabena gbegblẽ kple ŋutasesẽ le ŋkunye me

eye avuwɔwɔ kple dzrewɔwɔ ƒo xlãm.

4 Ŋusẽ megale se la si o

eye afiaŋkunɔtsotso ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒewo

elabena ame ̃ɖiwo ɖe to ɖe ame dzɔdzɔewo.

Eya ta wotsyɔ nu nya dzɔdzɔe dzi.

Yehowa ƒe ŋuɖoɖo

5 Yehowa ɖo eŋu nam be,

"ŋku lém ɖe dukɔ siwo ƒo xlã la ŋuti

eye nu si nàkpɔ la awɔ nuku na .

Mele nane ge le ŋkekewo me esi ne

wogblɔe na la màxɔe ase o.

6 Mele Babiloniatɔwo fɔm ɖe te;

dukɔ nyanyra ma si wɔa nu kabakaba tamemabumabutɔe;

ame siwo azɔ to anyigba blibo la dzi be

woaxɔ nɔƒe siwo menye wo o.

7 Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ le wo ŋu;

wowɔa nu si dze woawo ŋutɔ ŋu;

wodoa wo ɖokuiwo ɖe dzi.

8 Woƒe sɔwo ƒua du wu lãkle,

eye wonyrana wu amegaxi le me.

Woƒe asrafo sɔdolawo lũna ɖe nu dzi kple kalẽ;

ɖeɖi metea woƒe sɔdolawo ŋu o.

Wosaa agba le futɔwo dzi

abe ̃ si di be yeaƒo nu ene.

9 Woƒe tameɖoɖo koe nye be woagblẽ nu.

Woƒe amehawo gbɔna kple du abe yaƒoƒo

kple dzo sesẽ le dzogbe ene,

ne woalé aboyomewo woasɔ gbɔ fũu abe ƒutake ene.

10 Woɖua fewu le fiawo kple dumegãwo ŋuti

eye woɖea alɔme le woƒe sesẽwo ŋuti.

Ɖeko woƒua kpo ɖe woƒe gli sesẽwo ŋuti eye woxɔa dua!

11 Emegbe wohona dzona abe ya si ƒo va yi la ene

gake woƒe nu ̃ do agba ɖe wo dzi

elabena wotsɔ woƒe ŋusẽ woƒe mawue."

Habakuk ƒe nyatsɔɖeameŋu evelia

12 O Yehowa, mèli tso mavɔ me ke oa?

Nye Mawu, nye Kɔkɔetɔ la maku o.

O Yehowa, wòe tia wo be woadrɔ̃ ʋɔnu .

O Agakpe, wòe ɖo wo be woahe to na .

13 ŋkuwo dza ale gbegbe be màte ŋu akpɔ nu ̃ɖi o

eye màte ŋu alɔ̃ nu gbegblẽ o;

ke nu ka tae nèɖe wole nu tovo wɔm?

Nu ka ta nèzi kpi ame ̃ɖiwo mi

ame siwo le dzɔdzɔe wu wo?

14 Èwɔ amewo le abe siwo le atsiaƒu me

kple nu gbagbe siwo le atsiaƒu me kplɔla meli na o ene.

15 Futɔ ̃ɖi la ɖe wo katã ɖe go kple ƒu.

Eda ɖɔ na wo eye wòɖe wo ɖe eƒe ɖɔ me

eya tae wòle dzidzɔ kpɔm, le aseye tsom ɖo.

16 Esia ta wòsa na eƒe ɖɔ,

eye wòdo dzudzɔ ʋeʋĩ na eƒe asabu,

elabena eƒe ɖɔe na wòle agbe vivi ɖum

eye nuɖuɖu damiwo le eƒe akɔme.

17 Ɖe nàɖe be woanɔ ɖɔdada dzi

ahatsrɔ̃ dukɔwo nublanuimakpɔtɔea?

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também

Habacuque
Ver todos os capítulos de Habacuque