Pular para o conteúdo
Publicidade

Nahum 3

Baba na Ninive

1 Baba na du si fũu kple ʋukɔkɔɖi,

alakpadada kple nuhaha,

eye wògbe asiɖeɖe le nu siwo wòha la ŋu.

2 Ƒu to anyi nàse ale si sɔƒokawo le gbe dom,

eye tasiaɖamwo ƒe afɔtiwo,

kple sɔwo ƒe afɔkpawo le hoo wɔm esime tasiaɖamwo

le du sim glaŋglaŋglaŋ le mɔtatawo dzi!

3 Sɔdolawo dze agbo, yiwo le dzo dam,

eye akplɔwo le dzo sim le woƒe asi me!

Ame tsiaʋawo teƒe mekɔ o,

ame kukuwo gbɔ taŋtaŋtaŋ,

eye ɖewo tsi wo nɔewo dzi.

Amewo le wo dzi zɔm le anyi dzem,

le fɔfɔm; gale anyi dzem.

4 Esiawo katã va eme ɖe gbolo ɖeka ƒe gbolowɔwɔ vivivo ta.

Ame si ble afakalawo ƒe amegã nu,

eye wòdo kluvi dukɔwo kple eƒe gbolowɔwɔ hebla amewo

kple eƒe adzewɔwɔ.

5 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be:

"Le esia ta, metsi tsitre ɖe ŋuwò,

azɔ maɖe motsyɔvɔ le mo na ,

mana dukɔwo nakpɔ amame,

eye fiaɖuƒewo nakpɔ ŋukpe.

6 Malɔ gbeɖuɖɔ akɔ ɖe dziwò,

ado ŋunyɔ , eye nàzu nukpɔkpɔ na dukɔwo.

7 Ame siwo katã akpɔ la, dzidzi aƒo wo,

eye woagbugbɔ ɖe megbe agblɔ be,

Ninive gbã gudugudu, ame ka afa ?

Afi ka makpɔ ame aɖe le wòafa akɔ na ?"

8 Wòe nyo wu Tebes, si le Nil tɔsisi to,

eye la ƒo xlãe godoa?

9 Kus kple Egipte nye eƒe ŋusẽ triakɔ la.

Nenema ke Putitɔwo kple Libiatɔwo

nye eƒe kpeɖeŋutɔwo le aʋa me,

10 gake Tebes dze anyi,

woɖe aboyo emenɔlawo, eye wotsɔ wo viwo

ƒe ta xlã ɖe kpe le mɔtatawo dzi.

Wodzidze nu ɖe eƒe bubumewo dzi,

eye wode kɔsɔkɔsɔ eƒe amegãwo katã.

11 àmu aha, asi abe,

eye àdi sitsoƒe le futɔwo ta.

12 sesẽwo katã anɔ abe gboti si dzi

kutsetse ɖiɖiwo le la ene.

Ne woʋuʋu atia la,

kutsetsewo gena ɖe eɖula ƒe nu me.

13 Kpɔ asrafowo ɖa,

wo katã wole abe nyɔnuwo ene.

anyigba ƒe agbo anɔ ʋuʋu ɖi siaa

na futɔwo, eye dzo afia gametiwo.

14 Du tsi ɖi na ɖokuiwò ɖe aʋadzegbe ŋu.

Dzra sesẽwo ƒe gliwo ɖo.

Ge ɖe anyiʋewo me, eye nànya anyi atsɔ tre gli gbagbãwoe.

15 Esi nèle nu siawo wɔm la dzo ava fia ;

yi alã aƒu anyi, eye woaɖu

abe ale si ʋetsuvi ɖua nui ene.

Midzi ɖe edzi abe ʋetsuviwo ene,

misɔ gbɔ ɖe edzi abe ʋetsuviwo ene.

16 Èdzi asitsalawo ɖe edzi va se ɖe

esime wosɔ gbɔ wu ɣletiviwo,

gake ʋetsuviwo aɖu wo,

aɖi gbɔlo anyigba la, eye woadzo adzo.

17 Ŋuwòdzɔlawo asɔ gbɔ abe ʋetsuviwo

ƒe ha aɖe ene, eye amegãwo asɔ gbɔ

abe ʋetra siwo dze ɖe gli ŋu

le ŋdi me, ke ne ɣe dze ko la,

woadzo adzo, eye teƒe si wonɔ la magadze o ene.

18 O Asiria fia, kplɔlawo le akɔlɔ̃e dɔm;

bubumewo mlɔ anyi le dzudzɔm.

Woakaka amewo ɖe towo dzi,

eye ame aɖeke maƒo wo nu ƒu o.

19 Naneke mate ŋu awu abi si nèxɔ la o,

elabena edzi ŋɔ ŋutɔ.

Ame sia ame si ase anyidzedze la,

aƒo asikpe ɖe tawò,

elabena ame kae mekpɔ gome le

ŋutasesẽ gbogboawo me o?

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também

Naum
Ver todos os capítulos de Naum