Pular para o conteúdo
Publicidade

Nahum 2

Wogbã Ninive

1 Ninive, futɔwo ƒe asrafowo ƒo ɖe dziwò .

Kpɔ sẽsewo ta.

ŋkuwo nenɔ la ŋu.

Mibla ali dzi sesĩe

eye miƒo aʋawɔlawo nu ƒu.

2 Yehowa agbugbɔ Yakob ƒe atsyɔ̃ ,

eye wòanɔ abe Israel ene.

Togbɔ be futɔwo gblẽ ,

Yakob ƒe anyigba,

eye woha waingblewo .

3 Futɔwo ƒe asrafowo ƒe akpoxɔnu biã dzẽe,

eye wodo awu dzĩ.

Tasiaɖamŋugawo le dzo dam gbe si gbe

wobla akpa na aʋawɔwɔ,

eye kalẽtɔwo le woƒe akplɔwo nyem le yame.

4 Tasiaɖamwo le zi nyem le mɔtatawo dzi,

eye wole du ƒum le ablɔwo me le yiyim le gbɔgbɔm.

Woƒe dzedzeme le abe akakatiwo ene,

eye wole dzo kem abe dzikedzo ene.

5 Fia la ado ɣli ayɔ eƒe aʋafiawo;

woanɔ du dzi anɔ anyi dzem,

anɔ fɔfɔm be yewoayi aɖaɖo gli sesẽwo,

ale be futɔwo mate ŋu akpɔ ava o.

6 Agbo si le tɔsisi la nu la aʋu siaa,

eye fiasã la ƒe gliwo anye kpo, amu adze anyi.

7 Woɖe gbe be woaɖe aboyo dua me tɔwo.

Eƒe kosiviwo anɔ xɔxlɔ̃m abe ahɔnɛ ene,

eye woanɔ akɔta ƒom.

8 Ninive le abe ta si ƒe tsi le sisim ene.

Ne woado ɣli be:

"Mitɔ, mitɔ,"

la, ame aɖeke manye akpɔ megbe o.

9 Miha klosalowo!

Mìha sika!

Kesinɔnuwo gbɔ fũu,

xexlẽme meli na nu xɔasi siawo o.

10 Woɖi gbɔlo dua keŋkeŋ,

wohae eye woɖe amae.

Amewo ƒe dzi gbã, klowo le ƒoƒom kpakpakpa,

ameti blibo la le dzodzom nyanyanya,

eye ŋkume sia ŋkume afu tititi.

11 Afi ka dzatawo ƒe do la le azɔ?

Afi si wonyia dzataviwo le,

afi si dzatatsu kple dzatanɔ

kple dzatavi ɖia tsa le vɔvɔ̃manɔmee ɖe?

12 Dzatatsu léa nu si ade viawo kple dzatanɔ nu;

etsɔa nuléleawo yɔa eƒe mlɔƒe kple eƒe dowo me fũu.

13 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be:

"Metso ɖe ŋuwò;

matɔ dzo tasiaɖamwo,

eye dzataviwo atsi yi nu.

Nyemagblẽ ame aɖeke ɖe anyigba dzi nàgada adzoe o,

eye womagase ame dɔdɔwo ƒe gbe le teƒe aɖeke azɔ o."

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também

Naum
Ver todos os capítulos de Naum