14 "Nyee nye alẽkplɔla nyui la. Menya nye alẽwo, eye nye alẽwo hã nyam, 15 abe ale si Fofonye nyam ene la, nenema ke nye hã menya Fofonyee, eye metsɔ nye agbe na ɖe alẽawo ta. 16 Alẽha bubuwo le asinye siwo mele alẽkpo sia me o. Ele be makplɔ wo va gbɔnyee. Woawo hã, woase nye gbe be wo katã woanye alẽha ɖeka, anɔ Kplɔla ɖeka te.