21 Marta gblɔ na Yesu be, "Aƒetɔ, nenye ɖe nènɔ afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o. 22 Gake menya be, nu sia nu si nèbia Mawu la, ana wò."
23 Yesu gblɔ nɛ be, "Nɔviwò la atsi tsitre." 24 Marta gblɔ nɛ be, "Ɛ̃, menya be nɔvinye la atsi tsitre le tsitretsitsi la kple nuwuwuŋkeke la dzi."
25 Yesu gblɔ nɛ be, "Nyee nye Tsitretsitsi la kple Agbe la. Ame si xɔa dzinye sena la, togbɔ be aku hã la, aganɔ agbe; 26 eye ame si le agbe, eye wòxɔ dzinye se la maku gbeɖe o. Èxɔ nya siawo dzi sea?"
27 Marta ɖo eŋu nɛ be, "Ɛ̃, Aƒetɔ, mexɔe se be, wòe nye Kristo, Mawu Vi la, ame si ava xexea me la."