Yesu yi Yerusalem abe dziɖula ene
12 Esi ŋu ke la, ameha gã si va azã la ɖuƒe la se be Yesu le mɔ dzi gbɔna Yerusalem. Ame geɖe siwo va Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuƒe la hã see ale woyi be yewoaɖakpee. 13 Ale woŋe deʋayawo ɖe asi yina be yewoakpee, eye wonɔ ɣli dom nɔ aseye tsom be,
"Hosana!"
"Yayratɔe nye ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me!"
"Yayratɔe nye Israel ƒe fia la!"
14 Yesu kpɔ tedzivi aɖe, eye wònɔ anyi ɖe edzi abe ale si woŋlɔe ɖi ene be,
15 "Mègavɔ̃ o, Zion nyɔnuvi.
Kpɔ ɖa, wò fia do tedzivi gbɔna!"
16 Gbã la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo mese nu siawo katã gɔme o. Ke esi wokɔ Yesu ŋu wòtrɔ dzo yi dziƒo le ŋutikɔkɔe me megbe hafi wode dzesii be woŋlɔ nu siawo tso eŋu, eye wowɔ nu siawo nɛ.
17 Azɔ ameha siwo nɔ eteƒe hafi Yesu yɔ Lazaro be wòado go tso yɔdo me, eye wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la kaka nya la. 18 Le nukunu si wòwɔ wose ta la, amewo ƒo zi yi be yewoaɖakpɔe.
19 Ale Farisitɔwo gblɔ na wo nɔewo be, "Mikpɔ ɖa, nu sia mele mía dzi de ge o. Mikpɔ ale si xexea me katã kplɔe ɖoe ɖa!"