Publicidade

João 14

16 Mabia Fofo la, wòaɖo nyaxɔɖeakɔla bubu ɖe mi, 17 ame si nye nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ, be wòanɔ anyi kpli mi yi ɖe mavɔ me. Xexea me mate ŋu axɔ nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ la o, elabena mekpɔnɛ alo dzea sii o. Ke miawo la, mienyae, elabena ele mia me, eye wòanɔ anyi kpli mi. 18 Nye la, nyemagblẽ mi ɖi abe tsyɔ̃eviwo ene o, matrɔ ava mia gbɔ. 19 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, xexea me tɔwo magakpɔm o, ke miawo ya, miakpɔm. Esi mele agbe ta la, miawo mianɔ agbe. 20 Gbe ma gbe la, mianya be mele Fofo la me, eye miawo miele menye, eye nye mele mia me. 21 Ame si wɔna ɖe nye nyawo dzi la, eyae ̃am. Ame si ̃am la, Fofonye alɔ̃e, nye malɔ̃e, eye maɖe ɖokuinye afiae."

22 Yuda (menye Yuda Iskariɔt o, ke boŋ nusrɔ̃la bubu), biae be, "Aƒetɔ, nu ka ta wònye nusrɔ̃lawo ko nèle ɖokuiwo ɖe ge afia, ke menye xexea me katã o?"

23 Yesu ɖo eŋu be, "Ame si ̃m la awɔ ɖe nye nufiafia dzi. Fofonye alɔ̃e, eye nye kple Fofonye míava egbɔ, eye míawɔ nɔƒe ɖe egbɔ. 24 Ame si melɔ̃m o la mawɔ ɖe nye nufiafia dzi o. Nya siwo miese la, menye nye ŋutɔ o; Fofonye, ame si dɔm la ƒe nyawoe.

25 "Mele nya siawo gblɔm na mi fifia esi megale mia gbɔ. 26 Ke Nyaxɔɖeakɔla, Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Fofo la adɔ ɖo ɖa le nye ŋkɔ me la afia nu geɖewo mi, eye wòaɖo ŋku nu siwo katã mefia mi la dzi na mi.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-