21 Ame si wɔna ɖe nye nyawo dzi la, eyae lɔ̃am. Ame si lɔ̃am la, Fofonye hã alɔ̃e, nye hã malɔ̃e, eye maɖe ɖokuinye afiae."
22 Yuda (menye Yuda Iskariɔt o, ke boŋ nusrɔ̃la bubu), biae be, "Aƒetɔ, nu ka ta wònye mí nusrɔ̃lawo ko nèle ɖokuiwo ɖe ge afia, ke menye xexea me katã o?"
23 Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Ame si lɔ̃m la awɔ ɖe nye nufiafia dzi. Fofonye hã alɔ̃e, eye nye kple Fofonye míava egbɔ, eye míawɔ nɔƒe ɖe egbɔ. 24 Ame si melɔ̃m o la mawɔ ɖe nye nufiafia dzi o. Nya siwo miese la, menye nye ŋutɔ tɔ o; Fofonye, ame si dɔm la ƒe nyawoe.