Pular para o conteúdo
Publicidade

João 15

Yesue nye wainti vavã la

1 "Nyee nye Wainti vavã la, eye Fofonyee nye Agbletɔ la. 2 Elãa alɔdze siwo le ŋunye eye wometsea ku o la ɖa, ke esiwo tsea ku la, eɖea wo ŋu be woagatse ku geɖe fũu wu. 3 Miawo la, mia ŋu xoxo le nya siwo megblɔ na mi la ta. 4 Minɔ menye, eye nye manɔ mia me. Wainti ƒe alɔdze aɖeke mate ŋu atse ku nenye be wolãe ɖa tso wainti la ŋu o, eya ta miawo , nye manɔmee la, miate ŋu atse ku aɖeke o.

5 "Nyee nye wainti la, eye miawoe nye alɔdzeawo. Ame si le menye, eye nye mele eme la, atse ku nyui geɖe, elabena nye manɔmee la, miate ŋu awɔ naneke o.

Veja também