Pular para o conteúdo
Publicidade

Yohanes 15

Yesue nye wainti vavã la

1 "Nyee nye Wainti vavã la, eye Fofonyee nye Agbletɔ la. 2 Elãa alɔdze siwo le ŋunye eye wometsea ku o la ɖa, ke esiwo tsea ku la, eɖea wo ŋu be woagatse ku geɖe fũu wu. 3 Miawo la, mia ŋu xoxo le nya siwo megblɔ na mi la ta. 4 Minɔ menye, eye nye manɔ mia me. Wainti ƒe alɔdze aɖeke mate ŋu atse ku nenye be wolãe ɖa tso wainti la ŋu o, eya ta miawo , nye manɔmee la, miate ŋu atse ku aɖeke o.

5 "Nyee nye wainti la, eye miawoe nye alɔdzeawo. Ame si le menye, eye nye mele eme la, atse ku nyui geɖe, elabena nye manɔmee la, miate ŋu awɔ naneke o. 6 Ame si aɖe ɖe aga tso gbɔnye la, woatsɔe aƒu gbe abe alɔdze matseku ene, eye woatɔ dzoe. 7 Ke ne miele menye, eye nye nyawo le mia me la, nu sia nu si miabia la, woawɔe na mi. 8 Esia hea ŋutikɔkɔe na Fofonye, nenye be mietse ku geɖe, eye miefia mia ɖokuiwo abe nye nusrɔ̃lawo ene.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também